< איוב 20 >

ויען צפר הנעמתי ויאמר 1
Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be,
לכן שעפי ישיבוני ובעבור חושי בי 2
“Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ.
מוסר כלמתי אשמע ורוח מבינתי יענני 3
Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye, eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu.
הזאת ידעת מני-עד מני שים אדם עלי-ארץ 4
“Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema, tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be
כי רננת רשעים מקרוב ושמחת חנף עדי-רגע 5
ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
אם-יעלה לשמים שיאו וראשו לעב יגיע 6
Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la,
כגללו לנצח יאבד ראיו יאמרו איו 7
atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’
כחלום יעוף ולא ימצאהו וידד כחזיון לילה 8
Edzona dzona abe drɔ̃e ene, womagakpɔe o eye wòabu abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene.
עין שזפתו ולא תוסיף ולא-עוד תשורנו מקומו 9
Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o.
בניו ירצו דלים וידיו תשבנה אונו 10
Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo, eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu.
עצמותיו מלאו עלומו ועמו על-עפר תשכב 11
Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me.
אם-תמתיק בפיו רעה-- יכחידנה תחת לשנו 12
“Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,
יחמל עליה ולא יעזבנה וימנענה בתוך חכו 13
togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la,
לחמו במעיו נהפך מרורת פתנים בקרבו 14
eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me, eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me.
חיל בלע ויקאנו מבטנו ירשנו אל 15
Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe. Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi.
ראש-פתנים יינק תהרגהו לשון אפעה 16
Eno da ƒe aɖi eye ƒli ƒe aɖi awui.
אל-ירא בפלגות-- נהרי נחלי דבש וחמאה 17
Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o.
משיב יגע ולא יבלע כחיל תמורתו ולא יעלס 18
Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o, ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe si do tso eƒe asitsatsa hã me o
כי-רצץ עזב דלים בית גזל ולא יבנהו 19
elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo eye wòxɔ aƒe siwo metu o.
כי לא-ידע שלו בבטנו בחמודו לא ימלט 20
“Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o.
אין-שריד לאכלו על-כן לא-יחיל טובו 21
Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o.
במלאות שפקו יצר לו כל-יד עמל תבאנו 22
Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la, xaxa ava edzi eye hiãtuame ƒe ŋusẽ katã ava edzi.
יהי למלא בטנו--ישלח-בו חרון אפו וימטר עלימו בלחומו 23
Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi.
יברח מנשק ברזל תחלפהו קשת נחושה 24
Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la, akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee.
שלף ויצא מגוה וברק ממררתו יהלך עליו אמים 25
Eɖee do goe tso eƒe lãme eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me. Ŋɔdzi alée,
כל-חשך טמון לצפוניו תאכלהו אש לא-נפח ירע שריד באהלו 26
eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam. Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ.
יגלו שמים עונו וארץ מתקוממה לו 27
Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu.
יגל יבול ביתו נגרות ביום אפו 28
Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe.
זה חלק-אדם רשע--מאלהים ונחלת אמרו מאל 29
Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”

< איוב 20 >