< איוב 2 >
ויהי היום--ויבאו בני האלהים להתיצב על יהוה ויבוא גם השטן בתכם להתיצב על יהוה | 1 |
Gbe bubu gbe la, dziƒodɔlawo va do ɖe Yehowa ŋkume eye Satana hã va do kpli wo ɖe Mawu ƒe ŋkume.
ויאמר יהוה אל השטן אי מזה תבא ויען השטן את יהוה ויאמר משט בארץ ומהתהלך בה | 2 |
Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso va do?” Satana ɖo eŋu be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi eye menɔ yiyim, nɔ gbɔgbɔm le edzi.”
ויאמר יהוה אל השטן השמת לבך אל עבדי איוב--כי אין כמהו בארץ איש תם וישר ירא אלהים וסר מרע ועדנו מחזיק בתמתו ותסיתני בו לבלעו חנם | 3 |
Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.”
ויען השטן את יהוה ויאמר עור בעד עור וכל אשר לאיש--יתן בעד נפשו | 4 |
Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta.
אולם שלח נא ידך וגע אל עצמו ואל בשרו--אם לא אל פניך יברכך | 5 |
Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?”
ויאמר יהוה אל השטן הנו בידך אך את נפשו שמר | 6 |
Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”
ויצא השטן מאת פני יהוה ויך את איוב בשחין רע מכף רגלו עד (ועד) קדקדו | 7 |
Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume hekplɔ abi vɔ̃ɖi aɖewo ƒu Hiob, tso eƒe afɔgɔme va se ɖe eƒe dzodome.
ויקח לו חרש להתגרד בו והוא ישב בתוך האפר | 8 |
Tete Hiob tsɔ ze kakɛ nɔ ŋuti kum esi wònɔ anyi ɖe afi me.
ותאמר לו אשתו עדך מחזיק בתמתך ברך אלהים ומת | 9 |
Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!”
ויאמר אליה כדבר אחת הנבלות תדברי--גם את הטוב נקבל מאת האלהים ואת הרע לא נקבל בכל זאת לא חטא איוב בשפתיו | 10 |
Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o.
וישמעו שלשת רעי איוב את כל הרעה הזאת הבאה עליו ויבאו איש ממקמו אליפז התימני ובלדד השוחי וצופר הנעמתי ויועדו יחדו לבוא לנוד לו ולנחמו | 11 |
Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo, Temanitɔ Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe Hiob dzi la wodze mɔ tso woƒe aƒewo me le ŋkeke si woɖo ɖi la dzi be woaɖafa nɛ eye woafa akɔ nɛ.
וישאו את עיניהם מרחוק ולא הכירהו וישאו קולם ויבכו ויקרעו איש מעלו ויזרקו עפר על ראשיהם השמימה | 12 |
Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame.
וישבו אתו לארץ שבעת ימים ושבעת לילות ואין דבר אליו דבר--כי ראו כי גדל הכאב מאד | 13 |
Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii.