< איוב 18 >

ויען בלדד השחי ויאמר 1
Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,
עד-אנה תשימון קנצי למלין תבינו ואחר נדבר 2
Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.
מדוע נחשבנו כבהמה נטמינו בעיניכם 3
Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?
טרף נפשו באפו הלמענך תעזב ארץ ויעתק-צור ממקמו 4
Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?
גם אור רשעים ידעך ולא-יגה שביב אשו 5
“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o.
אור חשך באהלו ונרו עליו ידעך 6
Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.
יצרו צעדי אונו ותשליכהו עצתו 7
Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.
כי-שלח ברשת ברגליו ועל-שבכה יתהלך 8
Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.
יאחז בעקב פח יחזק עליו צמים 9
Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.
טמון בארץ חבלו ומלכדתו עלי נתיב 10
Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.
סביב בעתהו בלהות והפיצהו לרגליו 11
Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.
יהי-רעב אנו ואיד נכון לצלעו 12
Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.
יאכל בדי עורו יאכל בדיו בכור מות 13
Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo
ינתק מאהלו מבטחו ותצעדהו למלך בלהות 14
Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.
תשכון באהלו מבלי-לו יזרה על-נוהו גפרית 15
Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.
מתחת שרשיו יבשו וממעל ימל קצירו 16
Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.
זכרו-אבד מני-ארץ ולא-שם לו על-פני-חוץ 17
Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.
יהדפהו מאור אל-חשך ומתבל ינדהו 18
Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me.
לא נין לו ולא-נכד בעמו ואין שריד במגוריו 19
Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.
על-יומו נשמו אחרנים וקדמנים אחזו שער 20
Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.
אך-אלה משכנות עול וזה מקום לא-ידע-אל 21
Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”

< איוב 18 >