< איוב 14 >
אדם ילוד אשה-- קצר ימים ושבע-רגז | 1 |
“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie eye woyɔ fũu kple fukpekpe.
כציץ יצא וימל ויברח כצל ולא יעמוד | 2 |
Ekena abe seƒoƒo ene eye wòyrɔna, ele abe vɔvɔli si dzona kaba eye metɔna ɖi o la ene.
אף-על-זה פקחת עינך ואתי תביא במשפט עמך | 3 |
Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua? Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea?
מי-יתן טהור מטמא-- לא אחד | 4 |
Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o!
אם חרוצים ימיו--מספר-חדשיו אתך חקו עשית ולא יעבר | 5 |
Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo; èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ.
שעה מעליו ויחדל-- עד-ירצה כשכיר יומו | 6 |
Eya ta ɖe ŋku ɖa le eŋu eye nàɖe asi le eŋu va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣi de abe agbatedɔwɔla ene.
כי יש לעץ תקוה אם-יכרת ועוד יחליף וינקתו לא תחדל | 7 |
“Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã, ne wolãe la, egadzena yeyee eye eƒe alɔ yeyeawo nu matsi o.
אם-יזקין בארץ שרשו ובעפר ימות גזעו | 8 |
Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome eye eƒe takpo aku ɖe tome,
מריח מים יפרח ועשה קציר כמו-נטע | 9 |
ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene.
וגבר ימות ויחלש ויגוע אדם ואיו | 10 |
Gake ne amegbetɔ ya ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema; egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o.
אזלו-מים מני-ים ונהר יחרב ויבש | 11 |
Abe ale si atsiaƒu ɖia ke alo tsi miena le tɔsisi me wòƒuna kplakplakpla ene la,
ואיש שכב ולא-יקום עד-בלתי שמים לא יקיצו ולא-יערו משנתם | 12 |
nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o va se ɖe esime dziƒo nu ava yi. Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.
מי יתן בשאול תצפנני-- תסתירני עד-שוב אפך תשית לי חק ותזכרני (Sheol ) | 13 |
“O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me, atsyɔ nu dzinye va se ɖe esime wò dziku nu va yi ɖe! Alo nàɖo ɣeyiɣi nam eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe! (Sheol )
אם-ימות גבר היחיה כל-ימי צבאי איחל-- עד-בוא חליפתי | 14 |
Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea? Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã, manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.
תקרא ואנכי אענך למעשה ידיך תכסף | 15 |
Àyɔm eye matɔ, wò dzi alé dzo ɖe nu si wò asiwo wɔ la ŋu.
כי-עתה צעדי תספור לא-תשמר על-חטאתי | 16 |
Ekema àxlẽ nye afɔɖeɖewo, ke menye be wò ŋku nanɔ nye nu vɔ̃wo ŋu o.
חתם בצרור פשעי ותטפל על-עוני | 17 |
Woatre nye dzidadawo nu ɖe akplo me eye àtsyɔ nu nye nu vɔ̃wo dzi.
ואולם הר-נופל יבול וצור יעתק ממקמו | 18 |
“Gake abe ale si ke ɖena le to te wòŋena dzea eme eye agakpe ʋãna le eteƒe ene la,
אבנים שחקו מים-- תשטף-ספיחיה עפר-ארץ ותקות אנוש האבדת | 19 |
abe ale si tsi nyia kpewoe eye tsidzadza kplɔa ke si le anyigba dzonae ene la, nenemae nègblẽa ame ƒe mɔkpɔkpɔ mee.
תתקפהו לנצח ויהלך משנה פניו ותשלחהו | 20 |
Èdzea edzi kple ŋusẽ zi ɖeka eye ɖe wòvɔnae nye ekema; ètrɔa eƒe dzedzeme henyanɛ dzonae.
יכבדו בניו ולא ידע ויצערו ולא-יבין למו | 21 |
Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o, ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o.
אך-בשרו עליו יכאב ונפשו עליו תאבל | 22 |
Negbe eya ŋutɔ ƒe veve si sem wòle le ŋutilã me koe eye eya ŋutɔ fana na eɖokui.”