< ישעה 49 >

שמעו איים אלי והקשיבו לאמים מרחוק יהוה מבטן קראני ממעי אמי הזכיר שמי 1
Miɖo tom, mi ƒukpowo, mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo: Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm. Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ.
וישם פי כחרב חדה בצל ידו החביאני וישימני לחץ ברור באשפתו הסתירני 2
Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.
ויאמר לי עבדי אתה--ישראל אשר בך אתפאר 3
Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel, si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.”
ואני אמרתי לריק יגעתי לתהו והבל כחי כליתי אכן משפטי את יהוה ופעלתי את אלהי 4
Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro. Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame, eye nyemeɖe vi aɖeke o. Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la, le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”
ועתה אמר יהוה יוצרי מבטן לעבד לו לשובב יעקב אליו וישראל לא (לו) יאסף ואכבד בעיני יהוה ואלהי היה עזי 5
Azɔ la, ale Yehowa, ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la, be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ, elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume, eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi:
ויאמר נקל מהיותך לי עבד להקים את שבטי יעקב ונצירי (ונצורי) ישראל להשיב ונתתיך לאור גוים להיות ישועתי עד קצה הארץ 6
“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
כה אמר יהוה גאל ישראל קדושו לבזה נפש למתעב גוי לעבד משלים מלכים יראו וקמו שרים וישתחוו--למען יהוה אשר נאמן קדש ישראל ויבחרך 7
Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”
כה אמר יהוה בעת רצון עניתיך וביום ישועה עזרתיך ואצרך ואתנך לברית עם להקים ארץ להנחיל נחלות שממות 8
Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò, eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò. Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo, be nàgbugbɔ anyigba aɖo te, eye nagbugbɔ eƒe domenyinu siwo tsi yame la ama,
לאמר לאסורים צאו לאשר בחשך הגלו על דרכים ירעו ובכל שפיים מרעיתם 9
ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’, eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe le togbɛ ƒuƒluwo tame.
לא ירעבו ולא יצמאו ולא יכם שרב ושמש כי מרחמם ינהגם ועל מבועי מים ינהלם 10
Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.
ושמתי כל הרי לדרך ומסלתי ירמון 11
Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo, eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi.
הנה אלה מרחוק יבאו והנה אלה מצפון ומים ואלה מארץ סינים 12
Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava. Ɖewo atso anyiehe, ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã atso Aswan nutowo me.”
רנו שמים וגילי ארץ יפצחו (ופצחו) הרים רנה כי נחם יהוה עמו וענייו ירחם 13
Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie.
ותאמר ציון עזבני יהוה ואדני שכחני 14
Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.”
התשכח אשה עולה מרחם בן בטנה גם אלה תשכחנה ואנכי לא אשכחך 15
“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!
הן על כפים חקתיך חומתיך נגדי תמיד 16
Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me, eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
מהרו בניך מהרסיך ומחריביך ממך יצאו 17
Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ, eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ.
שאי סביב עיניך וראי כלם נקבצו באו לך חי אני נאם יהוה כי כלם כעדי תלבשי ותקשרים ככלה 18
Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo. Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ, zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe. “Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene, eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene.
כי חרבתיך ושממתיך וארץ הרסתך כי עתה תצרי מיושב ורחקו מבלעיך 19
“Togbɔ be wogbã mi, miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la, azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo, eye ame siwo vuvu mi la, anɔ adzɔge na mi.
עוד יאמרו באזניך בני שכליך צר לי המקום גשה לי ואשבה 20
Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la, agblɔ ɖe to me na mi be, ‘Teƒe sia le sue akpa na mí. Mina teƒe keke mí míanɔ.’
ואמרת בלבבך מי ילד לי את אלה ואני שכולה וגלמודה גלה וסורה ואלה מי גדל--הן אני נשארתי לבדי אלה איפה הם 21
Ekema àgblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae dzi ame siawo katã nam? Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko. Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye. Ame kae nyi ame siawo wotsi? Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’”
כה אמר אדני יהוה הנה אשא אל גוים ידי ואל עמים ארים נסי והביאו בניך בחצן ובנתיך על כתף תנשאנה 22
Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo, makɔ nye aflaga dzi na amewo. Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ, eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ.
והיו מלכים אמניך ושרותיהם מיניקתיך--אפים ארץ ישתחוו לך ועפר רגליך ילחכו וידעת כי אני יהוה אשר לא יבשו קוי 23
Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”
היקח מגבור מלקוח ואם שבי צדיק ימלט 24
Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia?
כי כה אמר יהוה גם שבי גבור יקח ומלקוח עריץ ימלט ואת יריבך אנכי אריב ואת בניך אנכי אושיע 25
Ke ale Yehowa gblɔ nye esi, “Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si, eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me. Mawɔ avu kple ame siwo awɔ avu kpli wò, eye maɖe viwòwo.
והאכלתי את מוניך את בשרם וכעסיס דמם ישכרון וידעו כל בשר כי אני יהוה מושיעך וגאלך אביר יעקב 26
Mana ame siwo te wò ɖe enyi la naɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã, eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene, ekema amegbetɔƒomea anyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”

< ישעה 49 >