< הושע 8 >
אל חכך שפר כנשר על בית יהוה--יען עברו בריתי ועל תורתי פשעו | 1 |
“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.
לי יזעקו אלהי ידענוך ישראל | 2 |
Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’
זנח ישראל טוב אויב ירדפו | 3 |
Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome.
הם המליכו ולא ממני השירו ולא ידעתי כספם וזהבם עשו להם עצבים למען יכרת | 4 |
Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
זנח עגלך שמרון חרה אפי בם עד מתי לא יוכלו נקין | 5 |
O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe. Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu. Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ?
כי מישראל והוא--חרש עשהו ולא אלהים הוא כי שבבים יהיה עגל שמרון | 6 |
Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.
כי רוח יזרעו וסופתה יקצרו קמה אין לו צמח בלי יעשה קמח--אולי יעשה זרים יבלעהו | 7 |
“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.
נבלע ישראל עתה היו בגוים ככלי אין חפץ בו | 8 |
Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene,
כי המה עלו אשור פרא בודד לו אפרים התנו אהבים | 9 |
elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam abe gbetedziwo ene. Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo.
גם כי יתנו בגוים עתה אקבצם ויחלו מעט ממשא מלך שרים | 10 |
Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la, magaƒo wo nu ƒu azɔ. Woakpe fu le fiagã la kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta.
כי הרבה אפרים מזבחות לחטא היו לו מזבחות לחטא | 11 |
“Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ.
אכתוב (אכתב) לו--רבו (רבי) תורתי כמו זר נחשבו | 12 |
Ne mede se akpe ewo nɛ hã la, ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o, ke boŋ ame bubuwoe wode wo na.
זבחי הבהבי יזבחו בשר ויאכלו--יהוה לא רצם עתה יזכר עונם ויפקד חטאותם--המה מצרים ישובו | 13 |
Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.
וישכח ישראל את עשהו ויבן היכלות ויהודה הרבה ערים בצרות ושלחתי אש בעריו ואכלה ארמנתיה | 14 |
Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”