< הושע 6 >
לכו ונשובה אל יהוה כי הוא טרף וירפאנו יך ויחבשנו | 1 |
“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí.
יחינו מימים ביום השלישי יקמנו ונחיה לפניו | 2 |
Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!
ונדעה נרדפה לדעת את יהוה כשחר נכון מצאו ויבוא כגשם לנו כמלקוש יורה ארץ | 3 |
Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”
מה אעשה לך אפרים מה אעשה לך יהודה וחסדכם כענן בקר וכטל משכים הלך | 4 |
“O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?
על כן חצבתי בנביאים--הרגתים באמרי פי ומשפטיך אור יצא | 5 |
Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,
כי חסד חפצתי ולא זבח ודעת אלהים מעלות | 6 |
elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,
והמה כאדם עברו ברית שם בגדו בי | 7 |
gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o.
גלעד קרית פעלי און--עקבה מדם | 8 |
Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi.
וכחכי איש גדודים חבר כהנים דרך ירצחו שכמה כי זמה עשו | 9 |
Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.
בבית ישראל ראיתי שעריריה (שערוריה) שם זנות לאפרים נטמא ישראל | 10 |
Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.
גם יהודה שת קציר לך בשובי שבות עמי | 11 |
“O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,