< בראשית 42 >

וירא יעקב כי יש שבר במצרים ויאמר יעקב לבניו למה תתראו 1
Esi Yakob se be bli nɔ Egipte la, egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele afi sia le mia nɔewo kpɔm ɖo?
ויאמר--הנה שמעתי כי יש שבר במצרים רדו שמה ושברו לנו משם ונחיה ולא נמות 2
Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.”
וירדו אחי יוסף עשרה לשבר בר ממצרים 3
Ale Yosef nɔviŋutsu ewo yi Egipte be yewoaƒle bli.
ואת בנימין אחי יוסף לא שלח יעקב את אחיו כי אמר פן יקראנו אסון 4
Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene.
ויבאו בני ישראל לשבר בתוך הבאים כי היה הרעב בארץ כנען 5
Ale Israel ƒe viwo kple ame bubuwo tso anyigba geɖewo dzi va ɖo Egipte be yewoaƒle bli, elabena dɔwuame la nu sesẽ le Kanaan abe teƒe ɖe sia ɖe ene.
ויוסף הוא השליט על הארץ--הוא המשביר לכל עם הארץ ויבאו אחי יוסף וישתחוו לו אפים ארצה 6
Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ.
וירא יוסף את אחיו ויכרם ויתנכר אליהם וידבר אתם קשות ויאמר אלהם מאין באתם ויאמרו מארץ כנען לשבר אכל 7
Yosef dze si wo enumake, gake ewɔ abe ɖe menya wo kura o ene. Eblu ɖe wo ta kple biabia sia be, “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Kanaanyigba dzi; míeva bli ƒle ge.”
ויכר יוסף את אחיו והם לא הכרהו 8
Togbɔ be Yosef kpɔ nɔviawo dze sii hã la, woawo ya mekpɔe dze sii o.
ויזכר יוסף--את החלמות אשר חלם להם ויאמר אלהם מרגלים אתם לראות את ערות הארץ באתם 9
Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.”
ויאמרו אליו לא אדני ועבדיך באו לשבר אכל 10
Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva;
כלנו בני איש אחד נחנו כנים אנחנו לא היו עבדיך מרגלים 11
nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!”
ויאמר אלהם לא כי ערות הארץ באתם לראות 12
Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.”
ויאמרו שנים עשר עבדיך אחים אנחנו בני איש אחד--בארץ כנען והנה הקטן את אבינו היום והאחד איננו 13
Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.”
ויאמר אלהם יוסף הוא אשר דברתי אלכם לאמר--מרגלים אתם 14
Yosef yi edzi be, “Nenema? Nu ka esia fia? Efia be ŋkutsalawoe mienye.
בזאת תבחנו חי פרעה אם תצאו מזה כי אם בבוא אחיכם הקטן הנה 15
Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia.
שלחו מכם אחד ויקח את אחיכם ואתם האסרו ויבחנו דבריכם האמת אתכם ואם לא--חי פרעה כי מרגלים אתם 16
Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”
ויאסף אתם אל משמר שלשת ימים 17
Ale wode wo gaxɔ me ŋkeke etɔ̃.
ויאמר אלהם יוסף ביום השלישי זאת עשו וחיו את האלהים אני ירא 18
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze.
אם כנים אתם--אחיכם אחד יאסר בבית משמרכם ואתם לכו הביאו שבר רעבון בתיכם 19
Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo.
ואת אחיכם הקטן תביאו אלי ויאמנו דבריכם ולא תמותו ויעשו כן 20
Ke ele be miakplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam be manya nenye nyateƒe tom miele, eye makpɔ nublanui na mi.” Wolɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
ויאמרו איש אל אחיו אבל אשמים אנחנו על אחינו אשר ראינו צרת נפשו בהתחננו אלינו ולא שמענו על כן באה אלינו הצרה הזאת 21
Wogblɔ na wo nɔewo be, “Vavãe wole to hem na mí ɖe nu si míewɔ ɖe mía nɔvia ŋuti la ta. Míekpɔ ale si wòxaxae esi wònɔ kuku ɖem na mí ɖe eƒe agbe ta, gake míedo tokui, eya tae xaxa sia va mía dzi ɖo.”
ויען ראובן אתם לאמר הלוא אמרתי אליכם לאמר אל תחטאו בילד--ולא שמעתם וגם דמו הנה נדרש 22
Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”
והם לא ידעו כי שמע יוסף כי המליץ בינתם 23
Womenya be Yosef se nya siwo gblɔm yewole le esime wòtsi tsitre ɖe wo gbɔ la gɔme o, elabena eƒoa nu na wo to nyagɔmeɖela aɖe dzi.
ויסב מעליהם ויבך וישב אלהם וידבר אלהם ויקח מאתם את שמעון ויאסר אתו לעיניהם 24
Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume.
ויצו יוסף וימלאו את כליהם בר ולהשיב כספיהם איש אל שקו ולתת להם צדה לדרך ויעש להם כן 25
Emegbe la, Yosef ɖe gbe na eƒe subɔlawo be woade bli ameawo ƒe kotokuwo me, ke egagblɔ na wo le adzame be woatsɔ fe si wo dometɔ ɖe sia ɖe xe la ade eƒe nuɖuɖu dzi le kotokua me! Etsɔ nu si woaɖu le mɔa dzi la hã na wo.
וישאו את שברם על חמריהם וילכו משם 26
Ale wodo agba na woƒe tedziwo, eye wodze aƒemɔ dzi.
ויפתח האחד את שקו לתת מספוא לחמרו--במלון וירא את כספו והנה הוא בפי אמתחתו 27
Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me!
ויאמר אל אחיו הושב כספי וגם הנה באמתחתי ויצא לבם ויחרדו איש אל אחיו לאמר מה זאת עשה אלהים לנו 28
Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?”
ויבאו אל יעקב אביהם ארצה כנען ויגידו לו את כל הקרת אתם לאמר 29
Ale wova ɖo wo fofo, Yakob gbɔ le Kanaan, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ.
דבר האיש אדני הארץ אתנו--קשות ויתן אתנו כמרגלים את הארץ 30
Wogblɔ nɛ be, “Fia la ƒe kpeɖeŋutɔ blu ɖe mía ta, eye wòtsɔ mí abe ŋkutsalawo ene.
ונאמר אליו כנים אנחנו לא היינו מרגלים 31
Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o.
שנים עשר אנחנו אחים בני אבינו האחד איננו והקטן היום את אבינו בארץ כנען 32
Míegagblɔ nɛ hã be nɔviŋutsu wuievee míenye, fofo ɖeka ƒe viwo; ɖeka ku, eye suetɔ le mía fofo gbɔ le Kanaanyigba dzi.’
ויאמר אלינו האיש אדני הארץ בזאת אדע כי כנים אתם אחיכם האחד הניחו אתי ואת רעבון בתיכם קחו ולכו 33
Ŋutsu la gblɔ na mi be, ‘Mɔ si dzi mato anya ne mienye nu si miebe yewonye le nyateƒe me lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye le afi sia, eye miatsɔ bli ayi aƒee na miaƒe ƒometɔwo,
והביאו את אחיכם הקטן אלי ואדעה כי לא מרגלים אתם כי כנים אתם את אחיכם אתן לכם ואת הארץ תסחרו 34
gake mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam. Ekema manya nenye ŋkutsalawo mienye loo alo nuteƒewɔlawo mienye. Ne miete ŋu ɖe nu si miebe yewonye fia la, ekema maɖe asi le mia nɔvia ŋu na mi, eye miate ŋu ava aƒle bli le afi sia ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la.’”
ויהי הם מריקים שקיהם והנה איש צרור כספו בשקו ויראו את צררות כספיהם המה ואביהם--וייראו 35
Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa.
ויאמר אלהם יעקב אביהם אתי שכלתם יוסף איננו ושמעון איננו ואת בנימן תקחו עלי היו כלנה 36
Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!”
ויאמר ראובן אל אביו לאמר את שני בני תמית אם לא אביאנו אליך תנה אתו על ידי ואני אשיבנו אליך 37
Ruben gblɔ na fofoa be, “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe o la, ekema, wu vinye ŋutsuvi eveawo. Makpɔ Benyamin dzi wòanɔ dedie.”
ויאמר לא ירד בני עמכם כי אחיו מת והוא לבדו נשאר וקראהו אסון בדרך אשר תלכו בה והורדתם את שיבתי ביגון שאולה (Sheol h7585) 38
Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.” (Sheol h7585)

< בראשית 42 >