< יחזקאל 45 >
ובהפילכם את הארץ בנחלה תרימו תרומה ליהוה קדש מן הארץ--ארך חמשה ועשרים אלף ארך ורחב עשרה אלף קדש הוא בכל גבולה סביב | 1 |
“‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ wòakeke mita akpe wuiɖeke, eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe.
יהיה מזה אל הקדש חמש מאות בחמש מאות מרבע סביב וחמשים אמה מגרש לו סביב | 2 |
Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃, anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la.
ומן המדה הזאת תמוד ארך חמש (חמשה) ועשרים אלף ורחב עשרת אלפים ובו יהיה המקדש קדש קדשים | 3 |
Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃, eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃. Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ.
קדש מן הארץ הוא לכהנים משרתי המקדש יהיה הקרבים לשרת את יהוה והיה להם מקום לבתים ומקדש למקדש | 4 |
Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa.
וחמשה ועשרים אלף ארך ועשרת אלפים רחב יהיה (והיה) ללוים משרתי הבית להם לאחזה--עשרים לשכת | 5 |
Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃, eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me.
ואחזת העיר תתנו חמשת אלפים רחב וארך חמשה ועשרים אלף לעמת תרומת הקדש--לכל בית ישראל יהיה | 6 |
“‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre, eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.
ולנשיא מזה ומזה לתרומת הקדש ולאחזת העיר אל פני תרומת הקדש ואל פני אחזת העיר מפאת ים ימה ומפאת קדמה קדימה וארך לעמות אחד החלקים מגבול ים אל גבול קדימה | 7 |
“‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba.
לארץ יהיה לו לאחזה בישראל ולא יונו עוד נשיאי את עמי והארץ יתנו לבית ישראל לשבטיהם | 8 |
Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu.
כה אמר אדני יהוה רב לכם נשיאי ישראל--חמס ושד הסירו ומשפט וצדקה עשו הרימו גרשתיכם מעל עמי נאם אדני יהוה | 9 |
“‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
מאזני צדק ואיפת צדק ובת צדק יהי לכם | 10 |
Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de.
האיפה והבת תכן אחד יהיה--לשאת מעשר החמר הבת ועשירת החמר האיפה אל החמר יהיה מתכנתו | 11 |
Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo.
והשקל עשרים גרה עשרים שקלים חמשה ועשרים שקלים עשרה וחמשה שקל--המנה יהיה לכם | 12 |
Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu.
זאת התרומה אשר תרימו ששית האיפה מחמר החטים וששיתם האיפה מחמר השערים | 13 |
“‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me.
וחק השמן הבת השמן מעשר הבת מן הכר--עשרת הבתים חמר כי עשרת הבתים חמר | 14 |
Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene.
ושה אחת מן הצאן מן המאתים ממשקה ישראל למנחה ולעולה ולשלמים--לכפר עליהם נאם אדני יהוה | 15 |
Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
כל העם הארץ יהיו אל התרומה הזאת לנשיא בישראל | 16 |
Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.
ועל הנשיא יהיה העולות והמנחה והנסך בחגים ובחדשים ובשבתות בכל מועדי בית ישראל הוא יעשה את החטאת ואת המנחה ואת העולה ואת השלמים לכפר בעד בית ישראל | 17 |
Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu.
כה אמר אדני יהוה בראשון באחד לחדש תקח פר בן בקר תמים וחטאת את המקדש | 18 |
“‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu.
ולקח הכהן מדם החטאת ונתן אל מזוזת הבית ואל ארבע פנות העזרה למזבח ועל מזוזת--שער החצר הפנימית | 19 |
Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu.
וכן תעשה בשבעה בחדש מאיש שגה ומפתי וכפרתם את הבית | 20 |
Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu.
בראשון בארבעה עשר יום לחדש יהיה לכם הפסח חג--שבעות ימים מצות יאכל | 21 |
“‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã.
ועשה הנשיא ביום ההוא בעדו ובעד כל עם הארץ--פר חטאת | 22 |
Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta.
ושבעת ימי החג יעשה עולה ליהוה שבעת פרים ושבעת אילים תמימם ליום שבעת הימים וחטאת שעיר עזים ליום | 23 |
Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
ומנחה איפה לפר ואיפה לאיל--יעשה ושמן הין לאיפה | 24 |
Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
בשביעי בחמשה עשר יום לחדש בחג יעשה כאלה שבעת הימים כחטאת כעלה וכמנחה וכשמן | 25 |
“‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’”