< שמות 38 >
ויעש את מזבח העלה עצי שטים חמש אמות ארכו וחמש אמות רחבו רבוע ושלש אמות קמתו | 1 |
Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃.
ויעש קרנתיו על ארבע פנתיו--ממנו היו קרנתיו ויצף אתו נחשת | 2 |
Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu.
ויעש את כל כלי המזבח את הסירת ואת היעים ואת המזרקת את המזלגת ואת המחתת כל כליו עשה נחשת | 3 |
Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.
ויעש למזבח מכבר מעשה רשת נחשת תחת כרכבו מלמטה עד חציו | 4 |
Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo.
ויצק ארבע טבעת בארבע הקצות--למכבר הנחשת בתים לבדים | 5 |
Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ.
ויעש את הבדים עצי שטים ויצף אתם נחשת | 6 |
Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu.
ויבא את הבדים בטבעת על צלעת המזבח לשאת אתו בהם נבוב לחת עשה אתו | 7 |
Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme.
ויעש את הכיור נחשת ואת כנו נחשת--במראת הצבאת אשר צבאו פתח אהל מועד | 8 |
Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe.
ויעש את החצר לפאת נגב תימנה קלעי החצר שש משזר מאה באמה | 9 |
Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi,
עמודיהם עשרים ואדניהם עשרים נחשת ווי העמודים וחשקיהם כסף | 10 |
ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu.
ולפאת צפון מאה באמה--עמודיהם עשרים ואדניהם עשרים נחשת ווי העמודים וחשקיהם כסף | 11 |
Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu.
ולפאת ים קלעים חמשים באמה--עמודיהם עשרה ואדניהם עשרה ווי העמדים וחשוקיהם כסף | 12 |
Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu.
ולפאת קדמה מזרחה חמשים אמה | 13 |
Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve.
קלעים חמש עשרה אמה אל הכתף עמודיהם שלשה ואדניהם שלשה | 14 |
Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka.
ולכתף השנית מזה ומזה לשער החצר קלעים חמש עשרה אמה עמדיהם שלשה ואדניהם שלשה | 15 |
Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu.
כל קלעי החצר סביב שש משזר | 16 |
Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae.
והאדנים לעמדים נחשת ווי העמודים וחשוקיהם כסף וצפוי ראשיהם כסף והם מחשקים כסף כל עמדי החצר | 17 |
Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo.
ומסך שער החצר מעשה רקם--תכלת וארגמן ותולעת שני ושש משזר ועשרים אמה ארך וקומה ברחב חמש אמות לעמת קלעי החצר | 18 |
Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene.
ועמדיהם ארבעה ואדניהם ארבעה נחשת וויהם כסף וצפוי ראשיהם וחשקיהם כסף | 19 |
Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame.
וכל היתדת למשכן ולחצר סביב--נחשת | 20 |
Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.
אלה פקודי המשכן משכן העדת אשר פקד על פי משה עבדת הלוים ביד איתמר בן אהרן הכהן | 21 |
Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te.
ובצלאל בן אורי בן חור למטה יהודה עשה את כל אשר צוה יהוה את משה | 22 |
Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
ואתו אהליאב בן אחיסמך למטה דן--חרש וחשב ורקם בתכלת ובארגמן ובתולעת השני ובשש | 23 |
Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu.
כל הזהב העשוי למלאכה בכל מלאכת הקדש--ויהי זהב התנופה תשע ועשרים ככר ושבע מאות ושלשים שקל בשקל הקדש | 24 |
Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
וכסף פקודי העדה מאת ככר ואלף ושבע מאות וחמשה ושבעים שקל--בשקל הקדש | 25 |
Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
בקע לגלגלת מחצית השקל בשקל הקדש--לכל העבר על הפקדים מבן עשרים שנה ומעלה לשש מאות אלף ושלשת אלפים וחמש מאות וחמשים | 26 |
Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃.
ויהי מאת ככר הכסף לצקת את אדני הקדש ואת אדני הפרכת מאת אדנים למאת הככר ככר לאדן | 27 |
Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka.
ואת האלף ושבע המאות וחמשה ושבעים עשה ווים לעמודים וצפה ראשיהם וחשק אתם | 28 |
Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo.
ונחשת התנופה שבעים ככר ואלפים וארבע מאות שקל | 29 |
Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã,
ויעש בה את אדני פתח אהל מועד ואת מזבח הנחשת ואת מכבר הנחשת אשר לו ואת כל כלי המזבח | 30 |
eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi,
ואת אדני החצר סביב ואת אדני שער החצר ואת כל יתדת המשכן ואת כל יתדת החצר סביב | 31 |
kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.