< שמות 28 >
ואתה הקרב אליך את אהרן אחיך ואת בניו אתו מתוך בני ישראל--לכהנו לי אהרן--נדב ואביהוא אלעזר ואיתמר בני אהרן | 1 |
“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.
ועשית בגדי קדש לאהרן אחיך לכבוד ולתפארת | 2 |
Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu.
ואתה תדבר אל כל חכמי לב אשר מלאתיו רוח חכמה ועשו את בגדי אהרן לקדשו--לכהנו לי | 3 |
Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.
ואלה הבגדים אשר יעשו חשן ואפוד ומעיל וכתנת תשבץ מצנפת ואבנט ועשו בגדי קדש לאהרן אחיך ולבניו--לכהנו לי | 4 |
Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.
והם יקחו את הזהב ואת התכלת ואת הארגמן ואת תולעת השני ואת השש | 5 |
“Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe.
ועשו את האפד זהב תכלת וארגמן תולעת שני ושש משזר--מעשה חשב | 6 |
“Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae.
שתי כתפת חברת יהיה לו אל שני קצותיו--וחבר | 7 |
Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta.
וחשב אפדתו אשר עליו כמעשהו ממנו יהיה זהב תכלת וארגמן ותולעת שני--ושש משזר | 8 |
Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe.
ולקחת את שתי אבני שהם ופתחת עליהם שמות בני ישראל | 9 |
Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
ששה משמתם על האבן האחת ואת שמות הששה הנותרים על האבן השנית--כתולדתם | 10 |
Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu.
מעשה חרש אבן--פתוחי חתם תפתח את שתי האבנים על שמת בני ישראל מסבת משבצות זהב תעשה אתם | 11 |
Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo.
ושמת את שתי האבנים על כתפת האפד אבני זכרן לבני ישראל ונשא אהרן את שמותם לפני יהוה על שתי כתפיו--לזכרן | 12 |
Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene.
Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo
ושתי שרשרת זהב טהור מגבלת תעשה אתם מעשה עבת ונתתה את שרשרת העבתת על המשבצת | 14 |
kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo.
ועשית חשן משפט מעשה חשב--כמעשה אפד תעשנו זהב תכלת וארגמן ותולעת שני ושש משזר--תעשה אתו | 15 |
“Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi.
רבוע יהיה כפול זרת ארכו וזרת רחבו | 16 |
Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve.
ומלאת בו מלאת אבן ארבעה טורים אבן טור אדם פטדה וברקת--הטור האחד | 17 |
Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me;
והטור השני--נפך ספיר ויהלם | 18 |
tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me.
והטור השלישי--לשם שבו ואחלמה | 19 |
Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me.
והטור הרביעי--תרשיש ושהם וישפה משבצים זהב יהיו במלואתם | 20 |
Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.
והאבנים תהיין על שמת בני ישראל שתים עשרה--על שמתם פתוחי חותם איש על שמו תהיין לשני עשר שבט | 21 |
Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.
ועשית על החשן שרשת גבלת מעשה עבת זהב טהור | 22 |
Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu.
ועשית על החשן שתי טבעות זהב ונתת את שתי הטבעות על שני קצות החשן | 23 |
Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi.
ונתתה את שתי עבתת הזהב על שתי הטבעת--אל קצות החשן | 24 |
Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu.
ואת שתי קצות שתי העבתת תתן על שתי המשבצות ונתתה על כתפות האפד אל מול פניו | 25 |
Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe.
ועשית שתי טבעות זהב ושמת אתם על שני קצות החשן--על שפתו אשר אל עבר האפד ביתה | 26 |
Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome.
ועשית שתי טבעות זהב ונתתה אתם על שתי כתפות האפוד מלמטה ממול פניו לעמת מחברתו--ממעל לחשב האפוד | 27 |
Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu.
וירכסו את החשן מטבעתו אל טבעת האפוד בפתיל תכלת להיות על חשב האפוד ולא יזח החשן מעל האפוד | 28 |
Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu.
ונשא אהרן את שמות בני ישראל בחשן המשפט על לבו--בבאו אל הקדש לזכרן לפני יהוה תמיד | 29 |
Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.”
ונתת אל חשן המשפט את האורים ואת התמים והיו על לב אהרן בבאו לפני יהוה ונשא אהרן את משפט בני ישראל על לבו לפני יהוה--תמיד | 30 |
Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume.
ועשית את מעיל האפוד כליל תכלת | 31 |
“Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te,
והיה פי ראשו בתוכו שפה יהיה לפיו סביב מעשה ארג כפי תחרא יהיה לו--לא יקרע | 32 |
eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o.
ועשית על שוליו רמני תכלת וארגמן ותולעת שני--על שוליו סביב ופעמני זהב בתוכם סביב | 33 |
Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome.
פעמן זהב ורמון פעמן זהב ורמון על שולי המעיל סביב | 34 |
Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome.
והיה על אהרן לשרת ונשמע קולו בבאו אל הקדש לפני יהוה ובצאתו--ולא ימות | 35 |
Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o.
ועשית ציץ זהב טהור ופתחת עליו פתוחי חתם קדש ליהוה | 36 |
“Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene.
ושמת אתו על פתיל תכלת והיה על המצנפת אל מול פני המצנפת יהיה | 37 |
Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu.
והיה על מצח אהרן ונשא אהרן את עון הקדשים אשר יקדישו בני ישראל לכל מתנת קדשיהם והיה על מצחו תמיד לרצון להם לפני יהוה | 38 |
Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake.
ושבצת הכתנת שש ועשית מצנפת שש ואבנט תעשה מעשה רקם | 39 |
“Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me.
ולבני אהרן תעשה כתנת ועשית להם אבנטים ומגבעות תעשה להם לכבוד ולתפארת | 40 |
“Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu.
והלבשת אתם את אהרן אחיך ואת בניו אתו ומשחת אתם ומלאת את ידם וקדשת אתם--וכהנו לי | 41 |
Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm.
ועשה להם מכנסי בד לכסות בשר ערוה ממתנים ועד ירכים יהיו | 42 |
Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu.
והיו על אהרן ועל בניו בבאם אל אהל מועד או בגשתם אל המזבח לשרת בקדש ולא ישאו עון ומתו חקת עולם לו ולזרעו אחריו | 43 |
Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”