< מלכים ב 25 >

ויהי בשנת התשיעית למלכו בחדש העשירי בעשור לחדש בא נבכדנאצר מלך בבל הוא וכל חילו על ירושלם ויחן עליה ויבנו עליה דיק סביב 1
Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.
ותבא העיר במצור עד עשתי עשרה שנה למלך צדקיהו 2
Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
בתשעה לחדש ויחזק הרעב בעיר ולא היה לחם לעם הארץ 3
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o.
ותבקע העיר וכל אנשי המלחמה הלילה דרך שער בין החמתים אשר על גן המלך וכשדים על העיר סביב וילך דרך הערבה 4
Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe.
וירדפו חיל כשדים אחר המלך וישגו אתו בערבות ירחו וכל חילו--נפצו מעליו 5
Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ.
ויתפשו את המלך ויעלו אתו אל מלך בבל רבלתה וידברו אתו משפט 6
Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe.
ואת בני צדקיהו שחטו לעיניו ואת עיני צדקיהו עור ויאסרהו בנחשתים ויבאהו בבל 7
Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia.
ובחדש החמישי בשבעה לחדש--היא שנת תשע עשרה שנה למלך נבכדנאצר מלך בבל בא נבוזראדן רב טבחים עבד מלך בבל--ירושלם 8
Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem.
וישרף את בית יהוה ואת בית המלך ואת כל בתי ירושלם ואת כל בית גדול שרף באש 9
Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.
ואת חומת ירושלם סביב--נתצו כל חיל כשדים אשר רב טבחים 10
Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ.
ואת יתר העם הנשארים בעיר ואת הנפלים אשר נפלו על המלך בבל ואת יתר ההמון--הגלה נבוזראדן רב טבחים 11
Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea.
ומדלת הארץ השאיר רב טבחים לכרמים וליגבים 12
Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
ואת עמודי הנחשת אשר בית יהוה ואת המכנות ואת ים הנחשת אשר בבית יהוה--שברו כשדים וישאו את נחשתם בבלה 13
Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
ואת הסירת ואת היעים ואת המזמרות ואת הכפות ואת כל כלי הנחשת אשר ישרתו בם--לקחו 14
Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe.
ואת המחתות ואת המזרקות אשר זהב זהב ואשר כסף כסף--לקח רב טבחים 15
Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo.
העמודים שנים הים האחד והמכנות אשר עשה שלמה לבית יהוה--לא היה משקל לנחשת כל הכלים האלה 16
Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o.
שמנה עשרה אמה קומת העמוד האחד וכתרת עליו נחשת וקומת הכתרת שלש אמה (אמות) ושבכה ורמנים על הכתרת סביב הכל נחשת וכאלה לעמוד השני על השבכה 17
Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
ויקח רב טבחים את שריה כהן הראש ואת צפניהו כהן משנה ואת שלשת שמרי הסף 18
Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo.
ומן העיר לקח סריס אחד אשר הוא פקיד על אנשי המלחמה וחמשה אנשים מראי פני המלך אשר נמצאו בעיר ואת הספר שר הצבא המצבא את עם הארץ וששים איש מעם הארץ הנמצאים בעיר 19
Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti.
ויקח אתם נבוזראדן רב טבחים וילך אתם על מלך בבל רבלתה 20
Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla.
ויך אתם מלך בבל וימיתם ברבלה בארץ חמת ויגל יהודה מעל אדמתו 21
Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
והעם הנשאר בארץ יהודה אשר השאיר נבוכדנאצר מלך בבל--ויפקד עליהם את גדליהו בן אחיקם בן שפן 22
Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu.
וישמעו כל שרי החילים המה והאנשים כי הפקיד מלך בבל את גדליהו ויבאו אל גדליהו המצפה וישמעאל בן נתניה ויוחנן בן קרח ושריה בן תנחמת הנטפתי ויאזניהו בן המעכתי--המה ואנשיהם 23
Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo.
וישבע להם גדליהו ולאנשיהם ויאמר להם אל תיראו מעבדי הכשדים שבו בארץ ועבדו את מלך בבל--ויטב לכם 24
Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.”
ויהי בחדש השביעי בא ישמעאל בן נתניה בן אלישמע מזרע המלוכה ועשרה אנשים אתו ויכו את גדליהו וימת ואת היהודים ואת הכשדים אשר היו אתו במצפה 25
Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa.
ויקמו כל העם מקטן ועד גדול ושרי החילים ויבאו מצרים כי יראו מפני כשדים 26
Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo.
ויהי בשלשים ושבע שנה לגלות יהויכין מלך יהודה בשנים עשר חדש בעשרים ושבעה לחדש נשא אויל מרדך מלך בבל בשנת מלכו את ראש יהויכין מלך יהודה--מבית כלא 27
Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi.
וידבר אתו טבות ויתן את כסאו מעל כסא המלכים אשר אתו בבבל 28
Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia.
ושנא את בגדי כלאו ואכל לחם תמיד לפניו כל ימי חייו 29
Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
וארחתו ארחת תמיד נתנה לו מאת המלך--דבר יום ביומו כל ימי חיו 30
Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.

< מלכים ב 25 >