< דברי הימים ב 6 >

אז אמר שלמה יהוה אמר לשכון בערפל 1
Tete Solomo gblɔ be, “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo do viviti aɖe me;
ואני בניתי בית זבל לך ומכון לשבתך עולמים 2
metu gbedoxɔ gã nyui aɖe na wò, afi si nànɔ tegbee.”
ויסב המלך את פניו ויברך את כל קהל ישראל וכל קהל ישראל עומד 3
Tete Fia Solomo trɔ ɖe Israel ƒe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo hegblɔ na wo bena,
ויאמר ברוך יהוה אלהי ישראל אשר דבר בפיו את דויד אבי ובידיו מלא לאמר 4
“Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye David eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi azɔ. Mawu gblɔ na David bena,
מן היום אשר הוצאתי את עמי מארץ מצרים לא בחרתי בעיר מכל שבטי ישראל לבנות בית להיות שמי שם ולא בחרתי באיש להיות נגיד על עמי ישראל 5
‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye amewo tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel ƒe toawo dometɔ aɖeke me be, woatu gbedoxɔ ne nye ŋkɔ nanɔ afi ma o eye nyemetia ame aɖeke be wòanye kplɔla na nye dukɔ, Israel o.
ואבחר בירושלם להיות שמי שם ואבחר בדויד להיות על עמי ישראל 6
Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’”
ויהי עם לבב דויד אבי לבנות בית לשם יהוה אלהי ישראל 7
“Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ.
ויאמר יהוה אל דויד אבי יען אשר היה עם לבבך לבנות בית לשמי--הטיבות כי היה עם לבבך 8
Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me.
רק אתה לא תבנה הבית כי בנך היוצא מחלציך הוא יבנה הבית לשמי 9
Ke menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’
ויקם יהוה את דברו אשר דבר ואקום תחת דויד אבי ואשב על כסא ישראל כאשר דבר יהוה ואבנה הבית לשם יהוה אלהי ישראל 10
“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu fia ɖe fofonye teƒe eye metu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.
ואשים שם את הארון אשר שם ברית יהוה אשר כרת עם בני ישראל 11
Metsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme eye Nubabla si le Yehowa kple eƒe amewo, Israelviwo dome la, le nubablaɖaka la me.”
ויעמד לפני מזבח יהוה נגד כל קהל ישראל ויפרש כפיו 12
Tete Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
כי עשה שלמה כיור נחשת ויתנהו בתוך העזרה--חמש אמות ארכו וחמש אמות רחבו ואמות שלוש קומתו ויעמד עליו ויברך על ברכיו נגד כל קהל ישראל ויפרש כפיו השמימה 13
Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
ויאמר יהוה אלהי ישראל אין כמוך אלהים--בשמים ובארץ שמר הברית והחסד לעבדיך ההלכים לפניך בכל לבם 14
Edo gbe ɖa bena, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo.
אשר שמרת לעבדך דויד אבי את אשר דברת לו ותדבר בפיך ובידך מלאת כיום הזה 15
Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.
ועתה יהוה אלהי ישראל שמר לעבדך דויד אבי את אשר דברת לו לאמר לא יכרת לך איש מלפני יושב על כסא ישראל רק אם ישמרו בניך את דרכם ללכת בתורתי כאשר הלכת לפני 16
“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi.
ועתה יהוה אלהי ישראל יאמן דברך אשר דברת לעבדך לדויד 17
Ke azɔ la, Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David la hã dzi.
כי האמנם ישב אלהים את האדם על הארץ הנה שמים ושמי השמים לא יכלכלוך--אף כי הבית הזה אשר בניתי 18
“Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu?
ופנית אל תפלת עבדך ואל תחנתו--יהוה אלהי לשמע אל הרנה ואל התפלה אשר עבדך מתפלל לפניך 19
Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wòle dodom ɖa na wò.
להיות עיניך פתחות אל הבית הזה יומם ולילה--אל המקום אשר אמרת לשום שמך שם לשמוע אל התפלה אשר יתפלל עבדך אל המקום הזה 20
Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia.
ושמעת אל תחנוני עבדך ועמך ישראל אשר יתפללו אל המקום הזה ואתה תשמע ממקום שבתך מן השמים--ושמעת וסלחת 21
Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.
אם יחטא איש לרעהו ונשא בו אלה להאלתו ובא אלה לפני מזבחך--בבית הזה 22
“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la,
ואתה תשמע מן השמים ועשית ושפטת את עבדיך להשיב לרשע לתת דרכו בראשו ולהצדיק צדיק לתת לו כצדקתו 23
ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.
ואם ינגף עמך ישראל לפני אויב--כי יחטאו לך ושבו והודו את שמך והתפללו והתחננו לפניך בבית הזה 24
“Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la,
ואתה תשמע מן השמים וסלחת לחטאת עמך ישראל והשיבותם אל האדמה אשר נתתה להם ולאבתיהם 25
ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.
בהעצר השמים ולא יהיה מטר כי יחטאו לך והתפללו אל המקום הזה והודו את שמך--מחטאתם ישובון כי תענם 26
“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la,
ואתה תשמע השמים וסלחת לחטאת עבדיך ועמך ישראל--כי תורם אל הדרך הטובה אשר ילכו בה ונתתה מטר על ארצך אשר נתתה לעמך לנחלה 27
ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi.
רעב כי יהיה בארץ דבר כי יהיה שדפון וירקון ארבה וחסיל כי יהיה כי יצר לו איביו בארץ שעריו כל נגע וכל מחלה 28
“Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la,
כל תפלה כל תחנה אשר יהיה לכל האדם ולכל עמך ישראל--אשר ידעו איש נגעו ומכאבו ופרש כפיו אל הבית הזה 29
ne wò dukɔ, Israel do gbe ɖa alo ƒo koko eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nya eƒe hiãkame kple vevesesewo eye woke woƒe abɔwo me ɖo ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la,
ואתה תשמע מן השמים מכון שבתך וסלחת ונתתה לאיש ככל דרכיו אשר תדע את לבבו כי אתה לבדך ידעת את לבב בני האדם 30
ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàwɔ na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu (elabena wò koe nya amewo ƒe dzi me),
למען ייראוך ללכת בדרכיך כל הימים אשר הם חיים על פני האדמה--אשר נתתה לאבתינו 31
ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi.
וגם אל הנכרי אשר לא מעמך ישראל הוא ובא מארץ רחוקה למען שמך הגדול וידך החזקה וזרועך הנטויה ובאו והתפללו אל הבית הזה 32
“Amedzro, ame siwo metso wò dukɔ, Israel me o, ke wotso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi ta, eye wodo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la,
ואתה תשמע מן השמים ממכון שבתך ועשית ככל אשר יקרא אליך הנכרי למען ידעו כל עמי הארץ את שמך וליראה אתך כעמך ישראל ולדעת כי שמך נקרא על הבית הזה אשר בניתי 33
ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe.
כי יצא עמך למלחמה על איביו בדרך אשר תשלחם והתפללו אליך דרך העיר הזאת אשר בחרת בה והבית אשר בניתי לשמך 34
“Ne wò amewo yi aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo le wò gbeɖeɖe nu eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe du sia, Yerusalem, esi nètia kple gbedoxɔ sia, si metu na wò gbɔ la,
ושמעת מן השמים את תפלתם ואת תחנתם ועשית משפטם 35
ekema se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo.
כי יחטאו לך כי אין אדם אשר לא יחטא ואנפת בם ונתתם לפני אויב ושבום שוביהם אל ארץ רחוקה או קרובה 36
“Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃e ene eye nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, woɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, kpuiƒe alo didiƒe aɖe
והשיבו אל לבבם בארץ אשר נשבו שם ושבו והתחננו אליך בארץ שבים לאמר חטאנו העוינו ורשענו 37
eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la,
ושבו אליך בכל לבם ובכל נפשם בארץ שבים אשר שבו אתם והתפללו דרך ארצם אשר נתתה לאבותם והעיר אשר בחרת ולבית אשר בניתי לשמך 38
ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la,
ושמעת מן השמים ממכון שבתך את תפלתם ואת תחנתיהם ועשית משפטם וסלחת לעמך אשר חטאו לך 39
ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.
עתה אלהי יהיו נא עיניך פתחות ואזניך קשבות--לתפלת המקום הזה 40
“Ẽ, nye Mawu, na wò ŋkuwo nanɔ ʋuʋu eye nàlé to ɖe gbe siwo katã woado ɖa na wò le teƒe sia la ŋu.
ועתה קומה יהוה אלהים לנוחך--אתה וארון עזך כהניך יהוה אלהים ילבשו תשועה וחסידיך ישמחו בטוב 41
“Azɔ la, Yehowa Mawu, tso eye nàge ɖe wò gbɔɖemeƒe sia,
יהוה אלהים אל תשב פני משיחך זכרה לחסדי דויד עבדך 42
Oo Yehowa, mègagblem ɖi o eye mègatrɔ wò mo ɖa tso nye,

< דברי הימים ב 6 >