< שמואל א 16 >

ויאמר יהוה אל שמואל עד מתי אתה מתאבל אל שאול ואני מאסתיו ממלך על ישראל מלא קרנך שמן ולך אשלחך אל ישי בית הלחמי--כי ראיתי בבניו לי מלך 1
Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”
ויאמר שמואל איך אלך ושמע שאול והרגני ויאמר יהוה עגלת בקר תקח בידך ואמרת לזבח ליהוה באתי 2
Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’
וקראת לישי בזבח ואנכי אודיעך את אשר תעשה ומשחת לי את אשר אמר אליך 3
Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.”
ויעש שמואל את אשר דבר יהוה ויבא בית לחם ויחרדו זקני העיר לקראתו ויאמר שלם בואך 4
Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”
ויאמר שלום לזבח ליהוה באתי התקדשו ובאתם אתי בזבח ויקדש את ישי ואת בניו ויקרא להם לזבח 5
Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
ויהי בבואם וירא את אליאב ויאמר אך נגד יהוה משיחו 6
Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.”
ויאמר יהוה אל שמואל אל תבט אל מראהו ואל גבה קומתו--כי מאסתיהו כי לא אשר יראה האדם--כי האדם יראה לעינים ויהוה יראה ללבב 7
Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”
ויקרא ישי אל אבינדב ויעברהו לפני שמואל ויאמר גם בזה לא בחר יהוה 8
Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.”
ויעבר ישי שמה ויאמר גם בזה לא בחר יהוה 9
Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.”
ויעבר ישי שבעת בניו לפני שמואל ויאמר שמואל אל ישי לא בחר יהוה באלה 10
Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.”
ויאמר שמואל אל ישי התמו הנערים ויאמר עוד שאר הקטן והנה רעה בצאן ויאמר שמואל אל ישי שלחה וקחנו כי לא נסב עד באו פה 11
Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.”
וישלח ויביאהו והוא אדמוני עם יפה עינים וטוב ראי ויאמר יהוה קום משחהו כי זה הוא 12
Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”
ויקח שמואל את קרן השמן וימשח אתו בקרב אחיו ותצלח רוח יהוה אל דוד מהיום ההוא ומעלה ויקם שמואל וילך הרמתה 13
Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama.
ורוח יהוה סרה מעם שאול ובעתתו רוח רעה מאת יהוה 14
Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.
ויאמרו עבדי שאול אליו הנה נא רוח אלהים רעה מבעתך 15
Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò.
יאמר נא אדננו עבדיך לפניך--יבקשו איש ידע מנגן בכנור והיה בהיות עליך רוח אלהים רעה--ונגן בידו וטוב לך 16
Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.”
ויאמר שאול אל עבדיו ראו נא לי איש מיטיב לנגן והביאותם אלי 17
Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.”
ויען אחד מהנערים ויאמר הנה ראיתי בן לישי בית הלחמי ידע נגן וגבור חיל ואיש מלחמה ונבון דבר ואיש תאר ויהוה עמו 18
Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.
וישלח שאול מלאכים אל ישי ויאמר שלחה אלי את דוד בנך אשר בצאן 19
Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye.
ויקח ישי חמור לחם ונאד יין וגדי עזים אחד וישלח ביד דוד בנו אל שאול 20
Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu.
ויבא דוד אל שאול ויעמד לפניו ויאהבהו מאד ויהי לו נשא כלים 21
Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.
וישלח שאול אל ישי לאמר יעמד נא דוד לפני כי מצא חן בעיני 22
Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.”
והיה בהיות רוח אלהים אל שאול ולקח דוד את הכנור ונגן בידו ורוח לשאול וטוב לו וסרה מעליו רוח הרעה 23
Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi.

< שמואל א 16 >