< מלכים א 22 >

וישבו שלש שנים אין מלחמה בין ארם ובין ישראל 1
Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃.
ויהי בשנה השלישית וירד יהושפט מלך יהודה אל מלך ישראל 2
Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la,
ויאמר מלך ישראל אל עבדיו הידעתם כי לנו רמת גלעד ואנחנו מחשים--מקחת אתה מיד מלך ארם 3
Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”
ויאמר אל יהושפט התלך אתי למלחמה רמת גלעד ויאמר יהושפט אל מלך ישראל כמוני כמוך כעמי כעמך כסוסי כסוסיך 4
Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.”
ויאמר יהושפט אל מלך ישראל דרש נא כיום את דבר יהוה 5
Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.”
ויקבץ מלך ישראל את הנביאים כארבע מאות איש ויאמר אלהם האלך על רמת גלעד למלחמה אם אחדל ויאמרו עלה ויתן אדני ביד המלך 6
Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.”
ויאמר יהושפט האין פה נביא ליהוה עוד ונדרשה מאתו 7
Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?”
ויאמר מלך ישראל אל יהושפט עוד איש אחד לדרש את יהוה מאתו ואני שנאתיו כי לא יתנבא עלי טוב כי אם רע--מיכיהו בן ימלה ויאמר יהושפט אל יאמר המלך כן 8
Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”
ויקרא מלך ישראל אל סריס אחד ויאמר מהרה מיכיהו בן ימלה 9
Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”
ומלך ישראל ויהושפט מלך יהודה ישבים איש על כסאו מלבשים בגדים בגרן פתח שער שמרון וכל הנביאים--מתנבאים לפניהם 10
Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
ויעש לו צדקיה בן כנענה קרני ברזל ויאמר כה אמר יהוה באלה תנגח את ארם עד כלתם 11
Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’”
וכל הנבאים--נבאים כן לאמר עלה רמת גלעד והצלח ונתן יהוה ביד המלך 12
Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
והמלאך אשר הלך לקרא מיכיהו דבר אליו לאמר הנה נא דברי הנביאים פה אחד טוב אל המלך יהי נא דבריך (דברך) כדבר אחד מהם--ודברת טוב 13
Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.”
ויאמר מיכיהו חי יהוה--כי את אשר יאמר יהוה אלי אתו אדבר 14
Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.”
ויבוא אל המלך ויאמר המלך אליו מיכיהו הנלך אל רמת גלעד למלחמה אם נחדל ויאמר אליו עלה והצלח ונתן יהוה ביד המלך 15
Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Ho aʋa ɖe eŋu enumake elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
ויאמר אליו המלך עד כמה פעמים אני משביעך אשר לא תדבר אלי רק אמת--בשם יהוה 16
Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”
ויאמר ראיתי את כל ישראל נפצים אל ההרים כצאן אשר אין להם רעה ויאמר יהוה לא אדנים לאלה ישובו איש לביתו בשלום 17
Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’”
ויאמר מלך ישראל אל יהושפט הלוא אמרתי אליך לוא יתנבא עלי טוב כי אם רע 18
Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”
ויאמר לכן שמע דבר יהוה ראיתי את יהוה ישב על כסאו וכל צבא השמים עמד עליו מימינו ומשמאלו 19
Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.
ויאמר יהוה מי יפתה את אחאב ויעל ויפל ברמת גלעד ויאמר זה בכה וזה אמר בכה 20
Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa.
ויצא הרוח ויעמד לפני יהוה ויאמר אני אפתנו ויאמר יהוה אליו במה 21
Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’
ויאמר אצא והייתי רוח שקר בפי כל נביאיו ויאמר תפתה וגם תוכל--צא ועשה כן 22
“Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’
ועתה הנה נתן יהוה רוח שקר בפי כל נביאיך אלה ויהוה דבר עליך רעה 23
“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nu me na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
ויגש צדקיהו בן כנענה ויכה את מיכיהו על הלחי ויאמר אי זה עבר רוח יהוה מאתי לדבר אותך 24
Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
ויאמר מיכיהו הנך ראה ביום ההוא אשר תבא חדר בחדר להחבה 25
Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”
ויאמר מלך ישראל קח את מיכיהו והשיבהו אל אמן שר העיר ואל יואש בן המלך 26
Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas.
ואמרת כה אמר המלך שימו את זה בית הכלא והאכלהו לחם לחץ ומים לחץ עד באי בשלום 27
Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’”
ויאמר מיכיהו--אם שוב תשוב בשלום לא דבר יהוה בי ויאמר שמעו עמים כלם 28
Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”
ויעל מלך ישראל ויהושפט מלך יהודה רמת גלעד 29
Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.
ויאמר מלך ישראל אל יהושפט התחפש ובא במלחמה ואתה לבש בגדיך ויתחפש מלך ישראל ויבוא במלחמה 30
Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.
ומלך ארם צוה את שרי הרכב אשר לו שלשים ושנים לאמר לא תלחמו את קטן ואת גדול כי אם את מלך ישראל לבדו 31
Ke Aram fia de se na eƒe tasiaɖam blaetɔ̃-vɔ-eveawo dzi kpɔlawo be womegawɔ aʋa kple ame bubu aɖeke o, ke boŋ woati Israel fia ɖeɖe ko yome.
ויהי כראות שרי הרכב את יהושפט והמה אמרו אך מלך ישראל הוא ויסרו עליו להלחם ויזעק יהושפט 32
Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la,
ויהי כראות שרי הרכב כי לא מלך ישראל הוא וישובו מאחריו 33
tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ be menye eyae nye Israel fia la o, ale wodzudzɔ eyometiti.
ואיש משך בקשת לתמו ויכה את מלך ישראל בין הדבקים ובין השרין ויאמר לרכבו הפך ידך והוציאני מן המחנה--כי החליתי 34
Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”
ותעלה המלחמה ביום ההוא והמלך היה מעמד במרכבה נכח ארם וימת בערב ויצק דם המכה אל חיק הרכב 35
Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku.
ויעבר הרנה במחנה כבא השמש לאמר איש אל עירו ואיש אל ארצו 36
Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!”
וימת המלך ויבוא שמרון ויקברו את המלך בשמרון 37
Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria.
וישטף את הרכב על ברכת שמרון וילקו הכלבים את דמו והזנות רחצו--כדבר יהוה אשר דבר 38
Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene.
ויתר דברי אחאב וכל אשר עשה ובית השן אשר בנה וכל הערים אשר בנה הלוא הם כתובים על ספר דברי הימים--למלכי ישראל 39
Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.
וישכב אחאב עם אבתיו וימלך אחזיהו בנו תחתיו 40
Woɖi Ahab ɖe tɔgbuiawo dome eye via Ahazia zu Israel fia ɖe eteƒe.
ויהושפט בן אסא מלך על יהודה--בשנת ארבע לאחאב מלך ישראל 41
Le Yuda la, Yehosafat, Asa ƒe vi zu Israel fia le Ahab ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
יהושפט בן שלשים וחמש שנה במלכו ועשרים וחמש שנה מלך בירושלם ושם אמו עזובה בת שלחי 42
Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu.
וילך בכל דרך אסא אביו--לא סר ממנו לעשות הישר בעיני יהוה מד אך הבמות לא סרו עוד העם מזבחים ומקטרים בבמות 43
Ewɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi abe fofoa Asa ene, edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o ale ameawo saa vɔ eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma.
וישלם יהושפט עם מלך ישראל 44
Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia.
ויתר דברי יהושפט וגבורתו אשר עשה ואשר נלחם הלא הם כתובים על ספר דברי הימים--למלכי יהודה 45
Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
ויתר הקדש אשר נשאר בימי אסא אביו--בער מן הארץ 46
Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ.
ומלך אין באדום נצב מלך 47
Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi.
יהושפט עשר (עשה) אניות תרשיש ללכת אפירה לזהב--ולא הלך כי נשברה (נשברו) אניות בעציון גבר 48
Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber.
אז אמר אחזיהו בן אחאב אל יהושפט ילכו עבדי עם עבדיך באניות ולא אבה יהושפט 49
Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe.
וישכב יהושפט עם אבתיו ויקבר עם אבתיו בעיר דוד אביו וימלך יהורם בנו תחתיו 50
Esi Fia Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa David ƒe du me eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe.
אחזיהו בן אחאב מלך על ישראל בשמרון בשנת שבע עשרה ליהושפט מלך יהודה וימלך על ישראל שנתים 51
Le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahazia, Ahab ƒe vi dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi le Samaria. Eɖu fia ƒe eve.
ויעש הרע בעיני יהוה וילך בדרך אביו ובדרך אמו ובדרך ירבעם בן נבט אשר החטיא את ישראל 52
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe.
ויעבד את הבעל וישתחוה לו ויכעס את יהוה אלהי ישראל ככל אשר עשה אביו 53
Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene.

< מלכים א 22 >