< דברי הימים א 26 >

למחלקות לשערים--לקרחים משלמיהו בן קרא מן בני אסף 1
Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si: Tso Korah ƒe viwo dome: Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka.
ולמשלמיהו בנים--זכריהו הבכור ידיעאל השני זבדיהו השלישי יתניאל הרביעי 2
Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel,
עילם החמישי יהוחנן הששי אליהועיני השביעי 3
Elam, Yehohanan kple Eliehoenai.
ולעבד אדם בנים--שמעיה הבכור יהוזבד השני יואח השלשי ושכר הרביעי ונתנאל החמישי 4
Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel,
עמיאל הששי יששכר השביעי פעלתי השמיני כי ברכו אלהים 5
Amiel, Isaka kple Peuletai. Mawu yrae kple viŋutsu enyi!
ולשמעיה בנו נולד בנים הממשלים לבית אביהם כי גבורי חיל המה 6
Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu.
בני שמעיה עתני ורפאל ועובד אלזבד אחיו--בני חיל אליהו וסמכיהו 7
Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo: Otni, Refael, Obed kple Elzabad; Semaya ƒe ƒometɔ Elihu kple Semakia hã nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ.
כל אלה מבני עבד אדם המה ובניהם ואחיהם איש חיל בכח לעבדה--ששים ושנים לעבד אדם 8
Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ.
ולמשלמיהו בנים ואחים בני חיל--שמונה עשר 9
Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.
ולחסה מן בני מררי בנים--שמרי הראש כי לא היה בכור וישימהו אביהו לראש 10
Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.
חלקיהו השני טבליהו השלשי זכריהו הרבעי כל בנים ואחים לחסה שלשה עשר 11
Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃.
לאלה מחלקות השערים לראשי הגברים משמרות--לעמת אחיהם לשרת בבית יהוה 12
Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
ויפילו גורלות כקטן כגדול לבית אבותם--לשער ושער 13
Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me.
ויפל הגורל מזרחה לשלמיהו וזכריהו בנו יועץ בשכל הפילו גורלות ויצא גורלו צפונה 14
Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu.
לעבד אדם נגבה ולבניו בית האספים 15
Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu,
לשפים ולחסה למערב עם שער שלכת במסלה העולה משמר לעמת משמר 16
kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu. Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe.
למזרח הלוים ששה לצפונה ליום ארבעה לנגבה ליום ארבעה ולאספים שנים שנים 17
Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe.
לפרבר למערב--ארבעה למסלה שנים לפרבר 18
Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe.
אלה מחלקות השערים לבני הקרחי ולבני מררי 19
Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome.
והלוים--אחיה על אוצרות בית האלהים ולאצרות הקדשים 20
Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi.
בני לעדן בני הגרשני ללעדן ראשי האבות ללעדן הגרשני--יחיאלי 21
Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, Gerson ƒe viwo dometɔ ɖeka me; Yehieli ƒe vi ƒe ƒome hã nɔ wo dome.
בני יחיאלי--זתם ויואל אחיו על אצרות בית יהוה 22
Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi.
לעמרמי ליצהרי לחברוני לעזיאלי 23
Tso Amramitɔwo, Izharitɔwo, Hebronitɔwo kple Uzielitɔwo dome la:
ושבאל בן גרשום בן משה נגיד על האצרות 24
Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi.
ואחיו לאליעזר--רחביהו בנו וישעיהו בנו וירם בנו וזכרי בנו ושלמות (ושלמית) בנו 25
Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt.
הוא שלמות ואחיו על כל אצרות הקדשים אשר הקדיש דויד המלך וראשי האבות לשרי האלפים והמאות--ושרי הצבא 26
Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi.
מן המלחמות ומן השלל הקדישו--לחזק לבית יהוה 27
Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me.
וכל ההקדיש שמואל הראה ושאול בן קיש ואבנר בן נר ויואב בן צרויה--כל המקדיש על יד שלמית ואחיו 28
Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi.
ליצהרי כנניהו ובניו למלאכה החיצונה על ישראל--לשטרים ולשפטים 29
Wotsɔ Kenania kple viawo tso Izhar ƒe viwo dome ɖo dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
לחברוני חשביהו ואחיו בני חיל אלף ושבע מאות על פקדת ישראל מעבר לירדן מערבה--לכל מלאכת יהוה ולעבדת המלך 30
Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi.
לחברוני יריה הראש לחברוני לתלדתיו לאבות--בשנת הארבעים למלכות דויד נדרשו וימצא בהם גבורי חיל ביעזיר גלעד 31
Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu. Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaenelia me la, woto dzidzimegbalẽ la me eye wokpɔ be, Hebronitɔ siwo ŋu ŋutete nɔ la woe nye, Yazer le Gilead,
ואחיו בני חיל אלפים ושבע מאות--ראשי האבות ויפקידם דויד המלך על הראובני והגדי וחצי שבט המנשי לכל דבר האלהים ודבר המלך 32
Ƒometɔ akpe eve alafa adre nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ.

< דברי הימים א 26 >