< דברי הימים א 10 >

ופלשתים נלחמו בישראל וינס איש ישראל מפני פלשתים ויפלו חללים בהר גלבע 1
Azɔ la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.
וידבקו פלשתים אחרי שאול ואחרי בניו ויכו פלשתים את יונתן ואת אבינדב ואת מלכישוע--בני שאול 2
Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua.
ותכבד המלחמה על שאול וימצאהו המורים בקשת ויחל מן היורים 3
Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.
ויאמר שאול אל נשא כליו שלף חרבך ודקרני בה פן יבאו הערלים האלה והתעללו בי ולא אבה נשא כליו כי ירא מאד ויקח שאול את החרב ויפל עליה 4
Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.
וירא נשא כליו כי מת שאול ויפל גם הוא על החרב וימת 5
Esi eƒe akpoxɔnutsɔla la kpɔ be eku la, eya hã wu eɖokui nenema ke.
וימת שאול ושלשת בניו וכל ביתו יחדו מתו 6
Ale Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ku gbe ɖeka eye ƒome blibo la tsrɔ̃.
ויראו כל איש ישראל אשר בעמק כי נסו וכי מתו שאול ובניו ויעזבו עריהם וינסו ויבאו פלשתים וישבו בהם 7
Esime Israelvi siwo nɔ balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.
ויהי ממחרת ויבאו פלשתים לפשט את החללים וימצאו את שאול ואת בניו נפלים בהר גלבע 8
Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.
ויפשיטהו--וישאו את ראשו ואת כליו וישלחו בארץ פלשתים סביב לבשר את עצביהם--ואת העם 9
Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.
וישימו את כליו בית אלהיהם ואת גלגלתו תקעו בית דגון 10
Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le Dagon ƒe gbedoxɔ me.
וישמעו כל יביש גלעד את כל אשר עשו פלשתים לשאול 11
Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la,
ויקומו כל איש חיל וישאו את גופת שאול ואת גופת בניו ויביאום יבישה ויקברו את עצמותיהם תחת האלה ביבש ויצומו שבעת ימים 12
woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.
וימת שאול במעלו אשר מעל ביהוה על דבר יהוה אשר לא שמר וגם לשאול באוב לדרוש 13
Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta.
ולא דרש ביהוה וימיתהו ויסב את המלוכה לדויד בן ישי 14
Ke esi mebia Yehowa be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la na David, Yese ƒe vi.

< דברי הימים א 10 >