< Ἔσδρας Βʹ 12 >
1 καὶ οὗτοι οἱ ἱερεῖς καὶ οἱ Λευῖται οἱ ἀναβαίνοντες μετὰ Ζοροβαβελ υἱοῦ Σαλαθιηλ καὶ Ἰησοῦ Σαραια Ιερμια Εσδρα
Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye: Seraya, Yeremia, Ezra,
7 οὗτοι ἄρχοντες τῶν ἱερέων καὶ ἀδελφοὶ αὐτῶν ἐν ἡμέραις Ἰησοῦ
Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia. Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me.
8 καὶ οἱ Λευῖται Ιησου Βανουι Καδμιηλ Σαραβια Ιουδα Μαχανια ἐπὶ τῶν χειρῶν αὐτὸς καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτοῦ
Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa
Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me.
10 καὶ Ἰησοῦς ἐγέννησεν τὸν Ιωακιμ καὶ Ιωακιμ ἐγέννησεν τὸν Ελιασιβ καὶ Ελιασιβ τὸν Ιωδαε
Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo,
11 καὶ Ιωδαε ἐγέννησεν τὸν Ιωναθαν καὶ Ιωναθαν ἐγέννησεν τὸν Ιαδου
Yoiada nye Yonatan fofo, Yonatan nye Yaɖua fofo,
12 καὶ ἐν ἡμέραις Ιωακιμ ἀδελφοὶ αὐτοῦ οἱ ἱερεῖς καὶ οἱ ἄρχοντες τῶν πατριῶν τῷ Σαραια Μαραια τῷ Ιερμια Ανανια
Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye: Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ, Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ,
13 τῷ Εσδρα Μεσουλαμ τῷ Αμαρια Ιωαναν
Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ, Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ,
14 τῷ Μαλουχ Ιωναθαν τῷ Σεχενια Ιωσηφ
Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ, Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ,
15 τῷ Αρεμ Αδνας τῷ Μαριωθ Ελκαι
Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ, Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ,
16 τῷ Αδδαι Ζαχαριας τῷ Γαναθων Μοσολλαμ
Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ,
17 τῷ Αβια Ζεχρι τῷ Βενιαμιν ἐν καιροῖς τῷ Φελητι
Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ, Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ,
18 τῷ Βαλγα Σαμουε τῷ Σεμεια Ιωναθαν
Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ, Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ,
19 τῷ Ιωιαριβ Μαθθαναι τῷ Ιδια Οζι
Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ, Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ,
20 τῷ Σαλλαι Καλλαι τῷ Αμουκ Αβεδ
Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ, Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ,
21 τῷ Ελκια Ασαβιας τῷ Ιεδεϊου Ναθαναηλ
Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ, Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ.
22 οἱ Λευῖται ἐν ἡμέραις Ελιασιβ Ιωαδα καὶ Ιωαναν καὶ Ιδουα γεγραμμένοι ἄρχοντες πατριῶν καὶ οἱ ἱερεῖς ἐν βασιλείᾳ Δαρείου τοῦ Πέρσου
Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli.
23 υἱοὶ Λευι ἄρχοντες τῶν πατριῶν γεγραμμένοι ἐπὶ βιβλίῳ λόγων τῶν ἡμερῶν καὶ ἕως ἡμερῶν Ιωαναν υἱοῦ Ελισουβ
Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi.
24 καὶ ἄρχοντες τῶν Λευιτῶν Ασαβια καὶ Σαραβια καὶ Ιησου καὶ υἱοὶ Καδμιηλ καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτῶν κατεναντίον αὐτῶν εἰς ὑμνεῖν καὶ αἰνεῖν ἐν ἐντολῇ Δαυιδ ἀνθρώπου τοῦ θεοῦ ἐφημερία πρὸς ἐφημερίαν
Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.
25 ἐν τῷ συναγαγεῖν με τοὺς πυλωροὺς
Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub.
26 ἐν ἡμέραις Ιωακιμ υἱοῦ Ἰησοῦ υἱοῦ Ιωσεδεκ καὶ ἐν ἡμέραις Νεεμια καὶ Εσδρας ὁ ἱερεὺς ὁ γραμματεύς
Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala.
27 καὶ ἐν ἐγκαινίοις τείχους Ιερουσαλημ ἐζήτησαν τοὺς Λευίτας ἐν τοῖς τόποις αὐτῶν τοῦ ἐνέγκαι αὐτοὺς εἰς Ιερουσαλημ ποιῆσαι ἐγκαίνια καὶ εὐφροσύνην ἐν θωδαθα καὶ ἐν ᾠδαῖς κυμβαλίζοντες καὶ ψαλτήρια καὶ κινύραι
Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo.
28 καὶ συνήχθησαν οἱ υἱοὶ τῶν ᾀδόντων καὶ ἀπὸ τῆς περιχώρου κυκλόθεν εἰς Ιερουσαλημ καὶ ἀπὸ ἐπαύλεων
Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me
29 καὶ ἀπὸ ἀγρῶν ὅτι ἐπαύλεις ᾠκοδόμησαν ἑαυτοῖς οἱ ᾄδοντες ἐν Ιερουσαλημ
kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ.
30 καὶ ἐκαθαρίσθησαν οἱ ἱερεῖς καὶ οἱ Λευῖται καὶ ἐκαθάρισαν τὸν λαὸν καὶ τοὺς πυλωροὺς καὶ τὸ τεῖχος
Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.
31 καὶ ἀνήνεγκα τοὺς ἄρχοντας Ιουδα ἐπάνω τοῦ τείχους καὶ ἔστησα δύο περὶ αἰνέσεως μεγάλους καὶ διῆλθον ἐκ δεξιῶν ἐπάνω τοῦ τείχους τῆς κοπρίας
Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ.
32 καὶ ἐπορεύθη ὀπίσω αὐτῶν Ωσαια καὶ ἥμισυ ἀρχόντων Ιουδα
Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome,
33 καὶ Αζαριας Εσδρας καὶ Μεσουλαμ
kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam,
34 Ιουδα καὶ Βενιαμιν καὶ Σαμαια καὶ Ιερμια
Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu.
35 καὶ ἀπὸ υἱῶν τῶν ἱερέων ἐν σάλπιγξιν Ζαχαριας υἱὸς Ιωναθαν υἱὸς Σαμαια υἱὸς Μαθανια υἱὸς Μιχαια υἱὸς Ζακχουρ υἱὸς Ασαφ
Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi,
36 καὶ ἀδελφοὶ αὐτοῦ Σαμαια καὶ Οζιηλ αἰνεῖν ἐν ᾠδαῖς Δαυιδ ἀνθρώπου τοῦ θεοῦ καὶ Εσδρας ὁ γραμματεὺς ἔμπροσθεν αὐτῶν
kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la.
37 ἐπὶ πύλης τοῦ αιν κατέναντι αὐτῶν ἀνέβησαν ἐπὶ κλίμακας πόλεως Δαυιδ ἐν ἀναβάσει τοῦ τείχους ἐπάνωθεν τοῦ οἴκου Δαυιδ καὶ ἕως πύλης τοῦ ὕδατος κατὰ ἀνατολάς
Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo.
38 καὶ περὶ αἰνέσεως ἡ δευτέρα ἐπορεύετο συναντῶσα αὐτοῖς καὶ ἐγὼ ὀπίσω αὐτῆς καὶ τὸ ἥμισυ τοῦ λαοῦ ἐπάνω τοῦ τείχους ὑπεράνω τοῦ πύργου τῶν θεννουριμ καὶ ἕως τοῦ τείχους τοῦ πλατέος
Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ,
39 καὶ ὑπεράνω τῆς πύλης Εφραιμ καὶ ἐπὶ πύλην τῆς ισανα καὶ ἐπὶ πύλην τὴν ἰχθυηρὰν καὶ πύργῳ Ανανεηλ καὶ ἕως πύλης τῆς προβατικῆς καὶ ἔστησαν ἐν πύλῃ τῆς φυλακῆς
heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.
40 καὶ ἔστησαν αἱ δύο τῆς αἰνέσεως ἐν οἴκῳ τοῦ θεοῦ καὶ ἐγὼ καὶ τὸ ἥμισυ τῶν στρατηγῶν μετ’ ἐμοῦ
Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã
41 καὶ οἱ ἱερεῖς Ελιακιμ Μαασιας Βενιαμιν Μιχαιας Ελιωηναι Ζαχαριας Ανανιας ἐν σάλπιγξιν
kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo,
42 καὶ Μαασιας καὶ Σεμειας καὶ Ελεαζαρ καὶ Οζι καὶ Ιωαναν καὶ Μελχιας καὶ Αιλαμ καὶ Εζουρ καὶ ἠκούσθησαν οἱ ᾄδοντες καὶ ἐπεσκέπησαν
eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te.
43 καὶ ἔθυσαν ἐν τῇ ἡμέρᾳ ἐκείνῃ θυσιάσματα μεγάλα καὶ ηὐφράνθησαν ὅτι ὁ θεὸς ηὔφρανεν αὐτοὺς μεγάλως καὶ αἱ γυναῖκες αὐτῶν καὶ τὰ τέκνα αὐτῶν ηὐφράνθησαν καὶ ἠκούσθη ἡ εὐφροσύνη ἐν Ιερουσαλημ ἀπὸ μακρόθεν
Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!
44 καὶ κατέστησαν ἐν τῇ ἡμέρᾳ ἐκείνῃ ἄνδρας ἐπὶ τῶν γαζοφυλακίων τοῖς θησαυροῖς ταῖς ἀπαρχαῖς καὶ ταῖς δεκάταις καὶ τοῖς συνηγμένοις ἐν αὐτοῖς ἄρχουσιν τῶν πόλεων μερίδας τοῖς ἱερεῦσι καὶ τοῖς Λευίταις ὅτι εὐφροσύνη ἦν ἐν Ιουδα ἐπὶ τοὺς ἱερεῖς καὶ ἐπὶ τοὺς Λευίτας τοὺς ἑστῶτας
Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
45 καὶ ἐφύλαξαν φυλακὰς θεοῦ αὐτῶν καὶ φυλακὰς τοῦ καθαρισμοῦ καὶ τοὺς ᾄδοντας καὶ τοὺς πυλωροὺς ὡς ἐντολαὶ Δαυιδ καὶ Σαλωμων υἱοῦ αὐτοῦ
Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu.
46 ὅτι ἐν ἡμέραις Δαυιδ Ασαφ ἀπ’ ἀρχῆς πρῶτος τῶν ᾀδόντων καὶ ὕμνον καὶ αἴνεσιν τῷ θεῷ
Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli.
47 καὶ πᾶς Ισραηλ ἐν ἡμέραις Ζοροβαβελ διδόντες μερίδας τῶν ᾀδόντων καὶ τῶν πυλωρῶν λόγον ἡμέρας ἐν ἡμέρᾳ αὐτοῦ καὶ ἁγιάζοντες τοῖς Λευίταις καὶ οἱ Λευῖται ἁγιάζοντες τοῖς υἱοῖς Ααρων
Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.