< Ιωαννου Γ΄ 1 >
1 Ὁ πρεσβύτερος Γαΐῳ τῷ ἀγαπητῷ, ὃν ἐγὼ ἀγαπῶ ἐν ἀληθείᾳ.
Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.
2 Ἀγαπητέ, περὶ πάντων εὔχομαί σε εὐοδοῦσθαι καὶ ὑγιαίνειν, καθὼς εὐοδοῦταί σου ἡ ψυχή.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene.
3 ἐχάρην γὰρ λίαν ἐρχομένων ἀδελφῶν καὶ μαρτυρούντων σου τῇ ἀληθείᾳ, καθὼς σὺ ἐν ἀληθείᾳ περιπατεῖς.
Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu.
4 μειζοτέραν τούτων οὐκ ἔχω χαράν, ἵνα ἀκούω τὰ ἐμὰ τέκνα ἐν ἀληθείᾳ περιπατοῦντα.
Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.
5 Ἀγαπητέ, πιστὸν ποιεῖς ὃ ἐὰν ἐργάσῃ εἰς τοὺς ἀδελφοὺς καὶ εἰς τοὺς ξένους,
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã.
6 οἳ ἐμαρτύρησάν σου τῇ ἀγάπῃ ἐνώπιον ἐκκλησίας, οὓς καλῶς ποιήσεις προπέμψας ἀξίως τοῦ Θεοῦ.
Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu,
7 ὑπὲρ γὰρ τοῦ ὀνόματος ἐξῆλθον, μηδὲν λαμβάνοντες ἀπὸ τῶν ἐθνικῶν.
elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam, eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso trɔ̃subɔlawo gbɔ o ɖo.
8 ἡμεῖς οὖν ὀφείλομεν ἀπολαμβάνειν τοὺς τοιούτους, ἵνα συνεργοὶ γινώμεθα τῇ ἀληθείᾳ.
Le esia ta la, ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbiwo, ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒe la ɖe ŋgɔ.
9 Ἔγραψα τῇ ἐκκλησίᾳ· ἀλλ᾽ ὁ φιλοπρωτεύων αὐτῶν Διοτρεφὴς οὐκ ἐπιδέχεται ἡμᾶς.
Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la meɖo to nye nyawo o.
10 διὰ τοῦτο, ἐὰν ἔλθω, ὑπομνήσω αὐτοῦ τὰ ἔργα ἃ ποιεῖ, λόγοις πονηροῖς φλυαρῶν ἡμᾶς· καὶ μὴ ἀρκούμενος ἐπὶ τούτοις οὔτε αὐτὸς ἐπιδέχεται τοὺς ἀδελφοὺς καὶ τοὺς βουλομένους κωλύει καὶ [ἐκ] τῆς ἐκκλησίας ἐκβάλλει.
Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.
11 Ἀγαπητέ, μὴ μιμοῦ τὸ κακόν, ἀλλὰ τὸ ἀγαθόν. ὁ ἀγαθοποιῶν ἐκ τοῦ Θεοῦ ἐστιν· ὁ κακοποιῶν οὐχ ἑώρακε τὸν Θεόν.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o.
12 Δημητρίῳ μεμαρτύρηται ὑπὸ πάντων καὶ ὑπ᾽ αὐτῆς τῆς ἀληθείας· καὶ ἡμεῖς δὲ μαρτυροῦμεν, καὶ οἴδατε ὅτι ἡ μαρτυρία ἡμῶν ἀληθής ἐστι.
Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyui. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
13 Πολλὰ εἶχον γράφειν, ἀλλ᾽ οὐ θέλω διὰ μέλανος καὶ καλάμου σοι γράψαι·
Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò, gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o.
14 ἐλπίζω δὲ εὐθέως ἰδεῖν σε, καὶ στόμα πρὸς στόμα λαλήσομεν. εἰρήνη σοι. ἀσπάζονταί σε οἱ φίλοι. ἀσπάζου τοὺς φίλους κατ᾽ ὄνομα.
Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.