< Psalm 44 >
1 Dem Musikmeister; von den Korahiten ein Lehrgedicht. O Gott, mit eignen Ohren haben wir’s gehört,
Korah ƒe viwo ƒe nufiameha na hɛnɔ la. O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.
2 Du hast Heidenvölker mit deiner Hand vertrieben und sie an deren Stelle eingepflanzt; Völker hast du vernichtet, sie aber ausgebreitet.
Ètsɔ wò asi nya dukɔwo, eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe. Ègbã dukɔwo gudugudu, ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.
3 Denn nicht mit ihrem Schwerte haben sie das Land gewonnen, und nicht ihr Arm hat ihnen den Sieg verschafft, nein, deine Rechte und dein Arm und deines Angesichts Licht, denn du hattest Gefallen an ihnen.
Anyigba mesu wo si to woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo, alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o, ke boŋ wò nuɖusi, wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo, elabena èlɔ̃ wo.
4 Nur du bist mein König, o Gott: entbiete Hilfe für Jakob!
Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.
5 Mit dir stoßen wir unsre Bedränger nieder, mit deinem Namen zertreten wir unsre Gegner.
To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.
6 Denn nicht auf meinen Bogen verlasse ich mich, und nicht mein Schwert verschafft mir den Sieg;
Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o, eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o,
7 nein, du gewährst uns Hilfe gegen unsre Bedränger und machst zuschanden, die uns hassen:
ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi, eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo.
8 Gottes rühmen wir uns allezeit und preisen deinen Namen ewiglich. (SELA)
Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la, eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. (Sela)
9 Und doch hast du uns verstoßen und Schmach uns angetan und ziehst nicht mehr aus mit unsern Heeren;
Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi; azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o.
10 du hast vor dem Feinde uns weichen lassen, und die uns hassen, haben sich Beute geholt;
Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ, eye míaƒe ketɔwo ha mí.
11 du hast uns hingegeben wie Schafe zur Schlachtung und unter die Heiden uns zerstreut;
Ètsɔ mí na be woavuvu mí abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome.
12 du hast dein Volk verkauft um ein Spottgeld und den Preis für sie gar niedrig angesetzt;
Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o.
13 du hast uns unsern Nachbarn zum Hohn gemacht, zum Spott und Gelächter rings umher;
Ètsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã mí.
14 hast gemacht, daß den Heiden zum Sprichwort wir dienen, daß den Kopf die Völker über uns schütteln.
Ètsɔ mí wɔ lodonu le dukɔwo dome, eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ mí.
15 Allzeit steht meine Schmach mir vor Augen, und die (Röte der) Scham bedeckt mir das Antlitz,
Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la, eye ŋukpe tsyɔa mo nam,
16 weil ich höre den lauten Hohn und die Lästerreden, weil den Feind und seine Rachgier ich sehn muß.
ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam, elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m.
17 Dies alles hat uns getroffen, und wir hatten dich doch nicht vergessen und dem Bunde mit dir die Treue nicht gebrochen.
Togbɔ be míeŋlɔ wò be, alo da alakpa le wò nubabla la me o hã la, èna nu siawo katã va mía dzi.
18 Unser Herz ist nicht von dir abgefallen und unser Schritt nicht abgewichen von deinem Pfade,
Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o, eye míaƒe afɔwo hã metra le wò mɔ dzi o.
19 daß du zermalmt uns hast an der Stätte der Schakale und mit Todesnacht uns umlagert hältst.
Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome, eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.
20 Hätten wir unsres Gottes Namen vergessen und unsre Hände erhoben zu einem fremden Gott:
Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be, alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la,
21 würde Gott das nicht entdecken? Er kennt ja des Herzens geheimste Gedanken.
ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa?
22 Nein, um deinetwillen werden wir täglich gemordet und werden dem Schlachtvieh gleich geachtet.
Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.
23 Wach auf! Warum schläfst du, o Allherr? Erwache! Verwirf nicht für immer!
Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo? Fɔ! Mègagbe mí ɖikaa o.
24 Warum verbirgst du dein Angesicht, denkst nicht an unser Elend und unsre Bedrängnis?
Nu ka ta nèɣla wò mo, eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?
25 Ach, bis in den Staub ist unsre Seele gebeugt, unser Leib liegt da, am Erdboden klebend!
Wohe mí ƒu ke me, eye míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba.
26 Steh auf, komm uns zu Hilfe und erlöse uns um deiner Gnade willen!
Tso, nàxɔ na mí, ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.