< Job 25 >
1 Und Bildad, der Schuchiter, antwortete und sprach:
Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,
2 Herrschaft und Schrecken sind bei ihm; er schafft Frieden in seinen Höhen.
“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.
3 Sind seine Scharen zu zählen? Und über wem erhebt sich nicht sein Licht?
Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?
4 Und wie könnte ein Mensch gerecht sein vor Gott, und wie könnte rein sein ein vom Weibe Geborener?
Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?
5 Siehe, sogar der Mond scheint nicht hell, und die Sterne sind nicht rein in seinen Augen:
Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,
6 wieviel weniger der Mensch, der Wurm, und das Menschenkind, die Made!
aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”