< Proverbes 21 >

1 Comme sont les courants des eaux, ainsi est le cœur du roi dans la main du Seigneur: de quelque côté qu’il veut, il le fera tourner.
Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.
2 Toute voie de l’homme lui paraît droite; mais le Seigneur pèse les cœurs.
Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ.
3 Faire miséricorde et justice plaît plus au Seigneur que des victimes.
Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.
4 L’exaltation des yeux vient de la dilatation du cœur: la lampe des impies est péché.
Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃.
5 Les pensées d’un homme fort amènent toujours l’abondance; mais tout paresseux est toujours dans la détresse.
Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ.
6 Celui qui amasse des trésors avec une langue de mensonge est vain et sans cœur, et il s’engagera dans les lacs de la mort.
Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.
7 Les rapines des impies les entraîneront à leur ruine, parce qu’ils n’ont pas voulu faire justice.
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o.
8 La voie perverse d’un homme est une voie étrangère; mais celui qui est pur, son œuvre est droite.
Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe.
9 Mieux vaut demeurer sur l’angle d’un toit qu’avec une femme querelleuse et dans une maison commune.
Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
10 L’âme de l’impie désire le mal; il n’aura pas pitié de son prochain.
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie, mekpɔa nublanui na ehavi o.
11 L’homme contagieux étant puni, le simple sera plus sage; et s’il s’attache à un sage, il acquerra de la science.
Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.
12 Le juste réfléchit à la maison de l’impie, pour retirer les impies du mal.
Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.
13 Celui qui ferme son oreille au cri du pauvre criera lui-même et ne sera pas exaucé.
Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o.
14 Un présent secret éteint les colères; et un don glissé dans le sein, l’indignation la plus grande.
Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ.
15 C’est une joie pour le juste que de faire justice; mais c’est l’effroi de ceux qui opèrent l’iniquité.
Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe, ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo.
16 L’homme qui s’égare de la voie de la doctrine demeurera dans l’assemblée des géants.
Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.
17 Celui qui aime les festins sera dans la détresse: celui qui aime le vin et la bonne chère ne s’enrichira pas.
Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o.
18 Pour le juste est livré l’impie, et pour les hommes droits l’homme inique.
Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu.
19 Mieux vaut habiter dans une terre déserte qu’avec une femme querelleuse et colère.
Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.
20 Il y a un trésor précieux et de l’huile dans la demeure du juste; mais l’homme imprudent les dissipera.
Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.
21 Celui qui recherche la justice et la miséricorde trouvera la vie, la justice et la gloire.
Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu.
22 Le sage a escaladé la cité des forts, et a détruit la force où elle mettait sa confiance.
Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.
23 Celui qui garde sa bouche et sa langue garde son âme des angoisses.
Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.
24 L’homme superbe et arrogant est appelé ignorant, parce que dans la colère il agit avec orgueil.
Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”
25 Les désirs tuent le paresseux; car ses mains n’ont voulu rien faire.
Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o.
26 Tout le jour il souhaite et il désire; mais le juste donnera et il ne cessera de donner.
Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.
27 Les hosties des impies sont abominables, parce qu’elles sont offertes comme fruit de leur crime.
Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu, kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi.
28 Le témoin menteur périra; l’homme obéissant parlera victoire.
Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi.
29 L’homme impie affermit effrontément son visage; mais celui qui est droit corrige sa voie.
Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.
30 Il n’y a pas de sagesse, il n’y a pas de prudence, il n’y a pas de conseil contre le Seigneur.
Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
31 Le cheval est préparé pour le jour du combat; mais c’est le Seigneur qui donne la victoire.
Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.

< Proverbes 21 >