< Marc 12 >

1 Jésus se mit à les enseigner en paraboles: Un homme planta une vigne, il l'environna d'une haie, il y creusa un pressoir et y bâtit une tour; puis, il la loua à des vignerons et quitta le pays.
Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me.
2 Quand la saison fut venue, il envoya un serviteur auprès des vignerons, pour recevoir de leurs mains une part des fruits de la vigne.
Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye,
3 Mais, l'ayant saisi, ils le battirent et le renvoyèrent les mains vides.
gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
4 Il leur envoya encore un autre serviteur; mais ils le frappèrent à la tête et l'outragèrent.
“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu ɖa, gake woƒo eya hã, de abi eƒe ta ŋu, hedo ŋukpee.
5 Il en envoya un autre qu'ils tuèrent; puis, plusieurs autres, parmi lesquels ceux-ci furent battus et ceux-là tués.
Ame si wògaɖo ɖa la, wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi la, woƒo ame dɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe
6 Il avait encore un fils unique et bien-aimé; il le leur envoya le dernier, en disant: Ils respecteront mon fils!
esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ɔ si wòlɔ̃ vevie la. Mlɔeba la, eɖo eya hã ɖa, kple susu be woade bubu eŋu.
7 Mais ces vignerons se dirent entre eux: C'est l'héritier! Allons, tuons-le, et l'héritage sera à nous.
“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”
8 Et l'ayant saisi, ils le tuèrent et le jetèrent hors de la vigne.
Ale wolée hewui, eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agble la godo.
9 Que fera donc le maître de la vigne? Il viendra et fera périr ces vignerons, et il donnera la vigne à d'autres.
“Nu ka miebu be agbleatɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe, ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã, eye wòatsɔ agble la ade ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.
10 N'avez-vous point lu cette parole de l'Écriture: «La pierre, rejetée par ceux qui bâtissaient, est devenue la pierre de l'angle;
Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?
11 c'est l'ouvrage du Seigneur, et c'est une merveille devant nos yeux»?
Aƒetɔ lae wɔ nu sia, eye wònye nukunu le mía ŋkume.’”
12 Alors ils cherchèrent à se saisir de lui; car ils comprirent bien que c'était pour eux qu'il avait dit cette parabole. Mais ils craignirent le peuple. Et le laissant, ils s'en allèrent.
Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ.
13 Ensuite, ils lui envoyèrent quelques-uns des pharisiens et des hérodiens, pour le surprendre dans ses paroles.
Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herod dunyahela aɖewo be woalée le eƒe nuƒo me.
14 Ceux-ci vinrent donc et lui dirent: Maître, nous savons que tu es véridique et que tu ne te préoccupes de personne, parce que tu ne regardes pas à l'apparence des hommes; mais tu enseignes la voie de Dieu en toute vérité. Est-il permis de payer l'impôt à César, ou non?
Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o?
15 Payerons-nous, ou ne payerons-nous pas? Mais lui, connaissant leur hypocrisie, leur répondit: Pourquoi voulez-vous me tenter? Apportez-moi un denier, que je le voie.
Ɖe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si woƒe alakpanuwɔwɔ, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ ga si Romatɔwo ɖuna la ƒe ɖeka nam makpɔ.”
16 Et ils lui en apportèrent un. Alors il leur dit: Cette effigie et cette inscription, de qui sont-elles? Ils lui répondirent: De César.
Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”
17 Jésus leur dit: Rendez à César ce qui est à César, et à Dieu ce qui est à Dieu. Et ils étaient dans l'étonnement à son sujet.
Yesu yi edzi be, “Nu si nye Kaisaro tɔ la, mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la, mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia na ameawo tɔtɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.
18 Les sadducéens, qui disent qu'il n'y a point de résurrection, s'approchèrent de lui, et ils lui posèrent cette question:
Eteƒe medidi o la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye habɔbɔ aɖe, siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. Wobia Yesu be,
19 Maître, Moïse nous a donné cette loi: Si un homme a un frère qui vienne à mourir, laissant une femme sans enfants, il épousera la veuve et suscitera une postérité à son frère.
“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me.
20 Or, il y avait sept frères. Le premier épousa une femme, et mourut sans laisser d'enfants.
Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye wòku vimadzii.
21 Le second épousa la veuve, et mourut sans laisser d'enfants; le troisième, de même.
Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbe la yome la ɖe ahosi la. Eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔe ɖo la ɖe ahosi la, gake eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o.
22 Et aucun des sept n'a laissé d'enfants. Après eux tous, la femme mourut aussi.
Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi, eye nyɔnu la hã va ku.
23 Lors de la résurrection, duquel d'entre eux sera-t-elle la femme, puisque tous les sept l'ont eue pour femme?
Fifia la, nu si míedi be míanya lae nye be, le tsitretsitsiŋkeke la dzi ɖe, wo dometɔ kae anye nyɔnu sia srɔ̃a, elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”
24 Jésus leur répondit: N'êtes-vous pas dans l'erreur, parce que vous ne comprenez pas les Écritures, ni la puissance de Dieu?
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mienya mawunya alo Mawu ƒe ŋusẽ o,
25 En effet, à la résurrection des morts, on ne se marie pas, et l'on n'est pas donné en mariage; mais les ressuscités sont comme des anges dans les cieux.
elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
26 Quant aux morts et à leur résurrection, n'avez-vous pas lu, dans le livre de Moïse, ce que Dieu lui a dit près du buisson: «Je suis le Dieu d'Abraham, le Dieu d'Isaac, et le Dieu de Jacob»?
Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’
27 Il n'est pas le Dieu des morts, mais des vivants! Vous êtes dans une grande erreur.
Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawue! Miewɔ vodada gã ŋutɔ.”
28 Alors un des scribes, qui les avait entendus discuter ensemble, sachant qu'il leur avait bien répondu, s'approcha et lui demanda: Quel est le premier de tous les commandements?
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”
29 Jésus répondit: Voici le premier: «Écoute, Israël! Le Seigneur, notre Dieu, est le seul Seigneur.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye.
30 Tu aimeras le Seigneur, ton Dieu, de tout ton coeur, de toute ton âme, de toute ta pensée, et de toute ta force.»
Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’
31 Et voici le second: «Tu aimeras ton prochain comme toi-même.» Il n'y a point d'autre commandement plus grand que ceux-là.
Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”
32 Le scribe lui répondit: Maître, tu as bien dit, et avec vérité, qu'il n'y a qu'un seul Dieu, et qu'il n'y en a point d'autre que lui;
Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o,
33 que l'aimer de tout son coeur, de toute son intelligence, et de toute sa force, et aimer son prochain comme soi-même, c'est plus que tous les holocaustes et que tous les sacrifices!
eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”
34 Jésus, voyant qu'il avait répondu en homme intelligent, lui dit: Tu n'es pas loin du royaume de Dieu! Et personne n'osait plus l'interroger.
Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la, mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la, ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖekee o.
35 Alors Jésus, enseignant dans le temple, prit la parole en ces termes: Comment les scribes disent-ils que le Christ est fils de David?
Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?
36 David lui-même a déclaré par le Saint-Esprit: «Le Seigneur a dit à mon Seigneur: Assieds-toi à ma droite, jusqu'à ce que j'aie fait de tes ennemis ton marchepied»
Elabena David ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be, “‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.”’
37 Puisque David lui-même l'appelle Seigneur, comment est-il son fils? Et une grande foule prenait plaisir à l'écouter.
Esi David ŋutɔ yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wòaganye via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ, ale wogbugbɔ ke to ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ.
38 Il leur disait aussi dans son enseignement: Gardez-vous des scribes qui aiment à se promener en robes longues, à être salués dans les places publiques,
Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi.
39 et qui veulent les premiers sièges dans les synagogues et les premières places dans les festins.
Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo.
40 Ces gens-là dévorent les maisons des veuves, en affectant de faire de longues prières: ils subiront une condamnation d'autant plus rigoureuse!
Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
41 Jésus, étant assis vis-à-vis du tronc, regardait comment la foule y mettait de l'argent. Plusieurs riches donnèrent beaucoup;
Yesu bɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔ nudzɔɖaka la. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe.
42 une pauvre veuve vint, et elle y mit deux pites, qui font le quart d'un sou.
Ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔɖaka la me.
43 Alors, ayant appelé ses disciples, il leur dit: En vérité, je vous le déclare, cette pauvre veuve a donné plus que tous ceux qui ont mis dans le tronc.
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ na wo be, “Enye nyateƒe be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe nudzɔɖaka me la xɔ asi wu nu si ame bubuawo katã wona,
44 Car tous les autres ont donné de leur superflu; mais celle-ci a donné de son indigence, tout ce qu'elle possédait, tout ce qu'elle avait pour vivre.
elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”

< Marc 12 >