< Josué 7 >

1 Cependant les enfants d'Israël commirent un grand péché au sujet de l'interdit. Acan, fils de Carmi, fils de Zabdi, fils de Zérach, de la tribu de Juda, prit de l'interdit, et la colère de l'Éternel s'enflamma contre les enfants d'Israël.
Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu.
2 Josué envoya de Jérico des hommes vers Aï, qui est près de Beth-Aven, à l'orient de Béthel, et leur parla, en disant: Montez et explorez le pays. Ces hommes montèrent donc et explorèrent Aï.
Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
3 Puis ils revinrent vers Josué, et lui dirent: Que tout le peuple n'y monte point, et qu'environ deux ou trois mille hommes y montent, et ils battront Aï. Ne fatigue pas là tout le peuple; car ils sont peu nombreux.
Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.”
4 Environ trois mille hommes du peuple y montèrent donc; mais ils s'enfuirent devant les gens d'Aï.
Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe;
5 Et les gens d'Aï en tuèrent environ trente-six hommes; ils les poursuivirent depuis la porte jusqu'à Shebarim, et les battirent à la descente. Et le cœur du peuple se fondit et devint comme de l'eau.
wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ.
6 Et Josué déchira ses vêtements, et tomba le visage contre terre, devant l'arche de l'Éternel, jusqu'au soir, lui et les anciens d'Israël, et ils jetèrent de la poussière sur leur tête.
Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.
7 Et Josué dit: Ah! Seigneur Éternel, pourquoi as-tu fait passer le Jourdain à ce peuple, pour nous livrer entre les mains de l'Amoréen, pour nous faire périr? Oh! que n'avons-nous pris le parti de demeurer au delà du Jourdain!
Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o?
8 Hélas! Seigneur, que dirai-je, après qu'Israël a tourné le dos devant ses ennemis?
Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu?
9 Les Cananéens et tous les habitants du pays l'apprendront; ils nous envelopperont; ils retrancheront notre nom de la terre; et que feras-tu pour ton grand nom?
Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?”
10 Alors l'Éternel dit à Josué: Lève-toi! Pourquoi es-tu ainsi étendu, le visage contre terre?
Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale?
11 Israël a péché; ils ont même transgressé mon alliance, que je leur avais prescrite, et ils ont pris de l'interdit; ils en ont dérobé, et ont menti, et ils l'ont mis dans leurs bagages.
Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.
12 C'est pourquoi les enfants d'Israël ne pourront pas subsister devant leurs ennemis; ils tourneront le dos devant leurs ennemis, car ils sont tombés en interdit. Je ne serai plus avec vous, si vous n'exterminez l'interdit du milieu de vous.
Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi.
13 Lève-toi, sanctifie le peuple, et dis: Sanctifiez-vous pour demain; car ainsi a dit l'Éternel, le Dieu d'Israël: Il y a de l'interdit au milieu de toi, ô Israël; tu ne pourras pas subsister devant tes ennemis, jusqu'à ce que vous ayez ôté l'interdit du milieu de vous.
“Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.
14 Vous vous approcherez donc, le matin, selon vos tribus; et la tribu que l'Éternel saisira s'approchera par familles; et la famille que l'Éternel saisira s'approchera par maisons; et la maison que l'Éternel saisira s'approchera par hommes.
“‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka.
15 Et celui qui aura été saisi, ayant de l'interdit, sera brûlé au feu, lui et tout ce qui est à lui, parce qu'il a transgressé l'alliance de l'Éternel, et qu'il a commis une infamie en Israël.
Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’”
16 Josué se leva donc de bon matin, et fit approcher Israël selon ses tribus, et la tribu de Juda fut saisie.
Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi.
17 Puis il fit approcher les familles de Juda, et la famille des descendants de Zérach fut saisie. Puis il fit approcher la famille des descendants de Zérach, par hommes, et Zabdi fut saisi.
Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi.
18 Et il fit approcher sa maison par hommes, et Acan, fils de Carmi, fils de Zabdi, fils de Zérach, de la tribu de Juda, fut saisi.
Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi.
19 Alors Josué dit à Acan: Mon fils, donne gloire à l'Éternel, le Dieu d'Israël, et rends-lui hommage. Déclare-moi, je te prie, ce que tu as fait; ne me le cache point.
Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”
20 Et Acan répondit à Josué, et dit: C'est vrai, j'ai péché contre l'Éternel, le Dieu d'Israël; et voici ce que j'ai fait.
Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu.
21 J'ai vu dans le butin un beau manteau de Shinear, et deux cents sicles d'argent, et un lingot d'or du poids de cinquante sicles; je les ai convoités et pris; et voici, ces choses sont cachées dans la terre, au milieu de ma tente, et l'argent est dessous.
Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.”
22 Alors Josué envoya des messagers qui coururent à la tente; et voici, le manteau était caché dans sa tente, et l'argent était dessous.
Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene.
23 Ils les prirent donc du milieu de la tente, et les apportèrent à Josué et à tous les enfants d'Israël, et les déposèrent devant l'Éternel.
Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu.
24 Alors Josué, et tout Israël avec lui, prirent Acan, fils de Zérach, l'argent, le manteau, le lingot d'or, ses fils et ses filles, ses bœufs, ses ânes, ses brebis, sa tente, et tout ce qui était à lui; et ils les firent monter dans la vallée d'Acor.
Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime.
25 Et Josué dit: Pourquoi nous as-tu troublés? L'Éternel te troublera aujourd'hui. Et tous les Israélites l'assommèrent de pierres. Ils les brûlèrent au feu, et ils les lapidèrent.
Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo,
26 Et ils élevèrent sur lui un grand monceau de pierres, qui a subsisté jusqu'à ce jour. Et l'Éternel revint de l'ardeur de sa colère. C'est pourquoi on a nommé ce lieu-là, la vallée d'Acor (du trouble), jusqu'à aujourd'hui.
eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.

< Josué 7 >