< Isaïe 14 >

1 Car l'Éternel aura compassion de Jacob; il choisira encore Israël; il les rétablira dans leur terre; les étrangers se joindront à eux, et s'attacheront à la maison de Jacob.
Yehowa akpɔ nublanui na Yakob, aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti, eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la.
2 Les peuples les prendront et les ramèneront dans leur pays; et la maison d'Israël les possédera, sur la terre de l'Éternel, comme serviteurs et comme servantes. Ils mèneront captifs ceux qui les menaient captifs, et ils domineront sur leurs exacteurs.
Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee. Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi.
3 Et le jour où l'Éternel t'aura fait reposer de ton travail et de ton tourment, et de la dure servitude sous laquelle on t'avait asservi,
Gbe si gbe Yehowa ana mi gbɔdzɔe tso miaƒe fukpekpewo, hiãkamewo kple dɔ sesẽ siwo miewɔ le aboyo me la,
4 Tu commenceras ce chant sur le roi de Babylone, et tu diras: Comment a fini le tyran, comment a fini l'oppression?
ado hamelo sia na Babilonia fia be, Ale funyafunyawɔame la wu nue nye esi! Ale eƒe ŋutasesẽ hã wu nue nye esi!
5 L'Éternel a brisé le bâton des méchants, la verge des dominateurs!
Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖi ƒe ameƒoti, eye wòŋe fiawo ƒe tsiamiti
6 Celui qui frappait les peuples avec fureur, de coups incessants, qui gouvernait les peuples avec colère, est poursuivi sans ménagement!
siwo wotsɔ ƒo dukɔwo atraɖii, eye le woƒe dɔmedzoe me, wobɔbɔ dukɔwo ɖe anyi heti wo yome kutɔkutɔe.
7 Toute la terre est en repos, elle est tranquille; on éclate en cris de joie.
Anyigbawo katã gbɔ ɖe eme le ŋutifafa me, eye wode asi hadzidzi kple dzidzɔkpɔkpɔ me.
8 Les cyprès aussi, les cèdres du Liban, se réjouissent à ton sujet. Depuis que tu es gisant, disent-ils, personne ne monte plus pour nous abattre.
Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be, “Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la, atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.”
9 Le Sépulcre profond s'émeut devant toi, pour venir à ta rencontre. Il réveille devant toi les trépassés, tous les puissants de la terre; il fait lever de leurs trônes tous les rois des nations. (Sheol h7585)
Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be woado go wò ne èva. Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò, ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ. Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. (Sheol h7585)
10 Tous ils prennent la parole, et te disent: Toi aussi, te voilà sans force comme nous! Tu es devenu semblable à nous!
Wo katã woaɖo eŋu na wò kple gbe ɖeka be, “Wò hã èzu ame beli abe míawo ke ene; èle abe mia dometɔ ɖeka ene azɔ.”
11 Ta magnificence est descendue au Sépulcre, avec le son de tes lyres. Tu es couché sur une couche de vers, et la corruption est ta couverture! (Sheol h7585)
Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti. Nyẽwo le dodom le tewò, eye ŋɔviwo le tatam le dziwò. (Sheol h7585)
12 Comment es-tu tombé du ciel, astre brillant (Lucifer), fils de l'aurore? Comment as-tu été abattu à terre, toi qui foulais les nations?
Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi! Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi; wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!
13 Tu disais en ton cœur: Je monterai aux cieux, j'élèverai mon trône par-dessus les étoiles de Dieu; je siégerai sur la montagne de l'assemblée, aux régions lointaines de l'Aquilon.
Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.
14 Je monterai sur les hauteurs des nues, je serai semblable au Très-Haut.
Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke, eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la.”
15 Mais tu es descendu dans le Sépulcre, dans les profondeurs du tombeau! (Sheol h7585)
Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me, ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke. (Sheol h7585)
16 Ceux qui te voient fixent leurs yeux sur toi; ils te considèrent: Est-ce là cet homme qui faisait trembler la terre, qui ébranlait les royaumes,
Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò, eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be, “Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la, eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya,
17 Qui changeait le monde en désert, qui détruisait les villes et ne relâchait pas ses prisonniers?
ame si na xexea me zu gbegbe, ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?”
18 Tous les rois des nations, oui tous, reposent avec gloire, chacun dans sa demeure.
Dukɔwo katã ƒe fiawo mlɔ anyi ɖe woƒe yɔdowo me le bubu me.
19 Mais toi, tu es jeté loin de ta sépulture, comme un rejeton de rebut; tu es recouvert des corps morts, percés par l'épée, qu'on jette sous les pierres d'une fosse; tu es comme un cadavre foulé aux pieds!
Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene. Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò, ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke, eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene.
20 Tu ne seras pas réuni à eux dans la tombe; car tu as ravagé ta terre, tu as tué ton peuple. La race des méchants ne sera plus nommée à jamais!
Womaɖi wò abe woawo ene o, elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo. Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o.
21 Préparez le massacre pour les fils, à cause de l'iniquité de leurs pères. Qu'ils ne se lèvent plus pour posséder la terre, et couvrir de villes la face du monde!
Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta. Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome, eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o.
22 Je m'élèverai contre eux, dit l'Éternel des armées; et je retrancherai de Babylone son nom et son reste, le fils et le petit-fils, dit l'Éternel.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Matso ɖe wo ŋuti. Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe, viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa” Yehowae gblɔe.
23 J'en ferai la tanière du hérisson; j'en ferai un marécage; je la balaierai avec le balai de la destruction, dit l'Éternel des armées.
“Mana wòazu hlɔ̃madɛwo nɔƒe, eye matsɔ gbegblẽ ƒe xa akplɔ woe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
24 L'Éternel des armées l'a juré, disant: Certainement, la chose arrivera comme je l'ai projetée, et ce que j'ai résolu, s'accomplira:
Nyagblɔɖi la ɖi Asiria ŋu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam be, “Le nyateƒe me, ale si meɖoe la, nenemae wòanɔ, eye ale si meɖo ɖe ta me la, nenema wòava emee.
25 De briser Assur dans ma terre, et de le fouler aux pieds sur mes montagnes; son joug sera ôté de dessus mon peuple, et son fardeau de dessus leurs épaules.
Magbã Asiriatɔwo le nye anyigba dzi, eye mafanya wo le nye towo tame. Maɖe kɔkuti ɖa le nye amewo ƒe kɔ, eye maɖe eƒe agba kpekpe ɖa le woƒe abɔta.”
26 C'est là le dessein arrêté contre toute la terre, c'est là la main étendue sur toutes les nations.
Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu, nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi,
27 Car l'Éternel des armées a formé ce dessein: qui l'empêchera? C'est sa main qui est étendue: qui la détournera
elabena esiae Yehowa, Dziƒoʋakɔwo katã ƒe Aƒetɔ la ɖo. Ame kae ate ŋu agblẽ eme? Ekɔ eƒe asiwo dzi, ame kae ate ŋu aɖiɖii?
28 L'année de la mort du roi Achaz, cet oracle fut prononcé:
Mexɔ nyagblɔɖi sia le ƒe si me fia Ahaz ku.
29 Ne te réjouis point, terre des Philistins, de ce que la verge qui te frappait a été brisée; car de la race du serpent naîtra un basilic, et le fruit en sera un dragon volant.
Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o, elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me, eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi, eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi.
30 Alors les plus pauvres seront repus, et les misérables reposeront en sécurité; mais je ferai mourir de faim ta postérité, et on tuera ce qui sera resté de toi.
Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe, eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me. Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la.
31 Porte, gémis! Ville, lamente-toi! Terre des Philistins, sois toute dans l'épouvante! Car du nord vient une fumée, une troupe où nul combattant ne quitte son rang.
Fa avi, o agbo! Do ɣli, o du! Mi Filistitɔwo katã milolõ. Dzudzɔ babla tso anyiehe, eye ame beli aɖeke mele woƒe aʋakɔwo dome o.
32 Et que répondre aux envoyés de cette nation? Que l'Éternel a fondé Sion, et qu'en elle les affligés de son peuple auront leur refuge.
Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo? “Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”

< Isaïe 14 >