< Exode 9 >

1 Alors l'Éternel dit à Moïse: Va vers Pharaon, et dis-lui: Ainsi a dit l'Éternel, le Dieu des Hébreux: Laisse aller mon peuple, afin qu'il me serve;
Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye.
2 Car si tu refuses de les laisser aller, et si tu les retiens encore,
Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la,
3 Voici, la main de l'Éternel sera sur ton bétail qui est aux champs, sur les chevaux, sur les ânes, sur les chameaux, sur les bœufs et sur les brebis: il y aura une très grande mortalité.
ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi.
4 Et l'Éternel distinguera entre le bétail d'Israël et le bétail des Égyptiens, et rien de tout ce qui est aux enfants d'Israël ne mourra.
Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’”
5 Et l'Éternel fixa le terme, en disant: Demain l'Éternel fera cela dans le pays.
Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.”
6 L'Éternel fit donc cela dès le lendemain, et tout le bétail des Égyptiens mourut; mais du bétail des enfants d'Israël il ne mourut pas une seule bête.
Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o.
7 Et Pharaon envoya voir, et voici, il n'était pas mort une seule bête du bétail d'Israël. Mais le cœur de Pharaon s'appesantit, et il ne laissa point aller le peuple.
Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!
8 Alors l'Éternel dit à Moïse et à Aaron: Prenez plein vos mains de cendre de fournaise, et que Moïse la répande vers les cieux, sous les yeux de Pharaon.
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume.
9 Et elle deviendra de la poussière sur tout le pays d'Égypte, et elle deviendra, sur les hommes et sur les bêtes, des ulcères bourgeonnant en pustules, dans tout le pays d'Égypte.
Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.”
10 Ils prirent donc de la cendre de fournaise, et se tinrent devant Pharaon; et Moïse la répandit vers les cieux, et elle devint, sur les hommes et sur les bêtes, des ulcères bourgeonnant en pustules.
Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.
11 Et les magiciens ne purent se tenir devant Moïse, à cause des ulcères; car les ulcères étaient sur les magiciens comme sur tous les Égyptiens.
Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã.
12 Et l'Éternel endurcit le cœur de Pharaon, et il ne les écouta point, comme l'Éternel l'avait dit à Moïse.
Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene.
13 Puis, l'Éternel dit à Moïse: Lève-toi de bon matin, présente-toi devant Pharaon, et dis-lui: Ainsi a dit l'Éternel, le Dieu des Hébreux: Laisse aller mon peuple, afin qu'il me serve;
Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
14 Car cette fois, je vais envoyer toutes mes plaies contre ton cœur, et sur tes serviteurs et sur ton peuple, afin que tu saches que nul n'est semblable à moi sur toute la terre.
Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o.
15 Car maintenant, si j'avais étendu ma main, et si je t'avais frappé par la mortalité, toi et ton peuple, tu serais effacé de la terre.
Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi.
16 Mais voici pourquoi je t'ai fait subsister: c'est afin que tu fasses voir ma puissance, et pour que mon nom soit célébré par toute la terre.
Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.
17 Si tu t'élèves encore contre mon peuple, pour ne point le laisser aller,
Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o,
18 Voici je vais faire pleuvoir demain, à cette heure, une si forte grêle, qu'il n'y en a point eu de semblable en Égypte, depuis le jour où elle fut fondée jusqu'à présent.
eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o.
19 Maintenant donc, envoie mettre en sûreté ton bétail, et tout ce que tu as aux champs. La grêle tombera sur tous les hommes et les bêtes qui se trouveront aux champs, et qui ne se retireront pas dans les maisons, et ils mourront.
Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’”
20 Celui des serviteurs de Pharaon qui craignit la parole de l'Éternel, fit promptement retirer dans les maisons ses serviteurs et son bétail.
Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me.
21 Mais celui qui ne fit point attention à la parole de l'Éternel, laissa ses serviteurs et son bétail aux champs.
Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi.
22 Alors l'Éternel dit à Moïse: Étends ta main vers les cieux, et qu'il y ait de la grêle sur tout le pays d'Égypte, sur les hommes, et sur les bêtes, et sur toute herbe des champs dans le pays d'Égypte.
Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.”
23 Moïse étendit donc sa verge vers les cieux, et l'Éternel fit tonner et grêler, et le feu se promenait sur la terre. Et l'Éternel fit pleuvoir de la grêle sur le pays d'Égypte.
Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa.
24 Et il y eut de la grêle, et un feu continu au milieu de la grêle, qui était si prodigieuse, qu'il n'y en avait point eu de semblable dans tout le pays d'Égypte, depuis qu'il était devenu une nation.
Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o.
25 Et la grêle frappa dans tout le pays d'Égypte tout ce qui était aux champs, depuis les hommes jusqu'aux bêtes. La grêle frappa aussi toutes les herbes des champs et brisa tous les arbres des champs.
Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ.
26 Le pays de Gossen, où étaient les enfants d'Israël, fut le seul où il n'y eut point de grêle.
Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.
27 Alors Pharaon envoya appeler Moïse et Aaron, et leur dit: J'ai péché cette fois; l'Éternel est le juste, et moi et mon peuple nous sommes les coupables.
Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia.
28 Intercédez auprès de l'Éternel; et qu'il n'y ait plus de tonnerres ni de grêle; et je vous laisserai aller, et vous ne resterez pas plus longtemps.
Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”
29 Alors Moïse lui dit: Dès que je serai sorti de la ville, j'étendrai mes mains vers l'Éternel, les tonnerres cesseront, et il n'y aura plus de grêle, afin que tu saches que la terre est à l'Éternel.
Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum.
30 Mais, pour toi et tes serviteurs, je sais que vous ne craindrez pas encore l'Éternel Dieu.
Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.”
31 Or, le lin et l'orge furent frappés; car l'orge était en épis, et le lin en fleur.
(Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi,
32 Mais le blé et l'épeautre ne furent point frappés, parce qu'ils sont tardifs.
ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.)
33 Moïse quitta donc Pharaon, sortit de la ville, et étendit ses mains vers l'Éternel; et les tonnerres et la grêle cessèrent, et la pluie ne se répandit plus sur la terre.
Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza.
34 Et Pharaon, voyant que la pluie, la grêle et les tonnerres avaient cessé, continua encore de pécher; et il appesantit son cœur, lui et ses serviteurs.
Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me.
35 Le cœur de Pharaon s'endurcit donc, et il ne laissa point aller les enfants d'Israël, comme l'Éternel l'avait dit par l'organe de Moïse.
Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene.

< Exode 9 >