< 2 Rois 3 >

1 Joram, fils d'Achab, devint roi d'Israël, à Samarie, la dix-huitième année de Josaphat, roi de Juda, et il régna douze ans.
Ahab ƒe vi, Yehoram, dze eƒe fiaɖuɖu le Israel gɔme le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe wuieve le Samaria.
2 Il fit ce qui est mauvais aux yeux de l'Éternel, non pas pourtant comme son père et sa mère; car il ôta la statue de Baal que son père avait faite.
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume ke menye abe fofoa kple dadaa ene o, elabena ewɔ nu nyui ɖeka: emu xɔ si fofoa tu na Baal la ƒu anyi.
3 Seulement il demeura dans les péchés de Jéroboam, fils de Nébat, qui avait fait pécher Israël. Il ne s'en détourna point.
Ke egawɔ nu vɔ̃ si Yeroboam, Nebat ƒe vi wɔ elabena eya hã kplɔ Israelviwo de legbawo subɔsubɔ me.
4 Or Mésha, roi de Moab, avait de grands troupeaux; et il payait au roi d'Israël un tribut de cent mille agneaux et cent mille béliers avec leur laine.
Moab fia, Mesa kple eƒe amewo nye alẽnyilawo. Woxea adzɔ na Israel kple alẽ akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu ƒe sia ƒe.
5 Mais, aussitôt qu'Achab fut mort, le roi de Moab se révolta contre le roi d'Israël.
Ke le Ahab ƒe ku megbe la, Moab fia dze aglã ɖe Israel ŋu.
6 C'est pourquoi le roi Joram sortit en ce jour de Samarie, et fit le dénombrement de tout Israël.
Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu.
7 Et il envoya vers Josaphat, roi de Juda, pour lui dire: Le roi de Moab s'est révolté contre moi. Viendras-tu avec moi à la guerre contre Moab? Et il répondit: J'y monterai; dispose de moi comme de toi, de mon peuple comme de ton peuple, de mes chevaux comme de tes chevaux.
Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, “Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me.”
8 Et il dit: Par quel chemin monterons-nous? Et Joram répondit: Par le chemin du désert d'Édom.
“Mɔ ka míato hafi adze wo dzi?” Yehoram ɖo eŋu be, “Míadze wo dzi tso Edom gbegbe.”
9 Ainsi le roi d'Israël partit, avec le roi de Juda et le roi d'Édom; et, faisant le tour, ils marchèrent pendant sept jours; mais l'eau manqua pour le camp et pour les bêtes qui suivaient.
Ale Israel, Yuda kple Edom fiawo kplɔ woƒe aʋakɔwo to mɔ gɔdɔ̃ aɖe to gbegbe la ŋkeke adre, ke tsi menɔ anyi na ameawo kple woƒe lãwo o.
10 Alors le roi d'Israël dit: Hélas! l'Éternel a sûrement appelé ces trois rois pour les livrer entre les mains de Moab
Israel fia do ɣli be, “Oo, nu ka míawɔ? Yehowa kplɔ mí va afi sia be yeana Moab fia naɖu mía dzi!”
11 Et Josaphat dit: N'y a-t-il point ici quelque prophète de l'Éternel, afin que nous consultions l'Éternel par son moyen? Un des serviteurs du roi d'Israël répondit, et dit: Élisée, fils de Shaphat, qui versait l'eau sur les mains d'Élie, est ici.
Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!”
12 Et Josaphat dit: La parole de l'Éternel est avec lui. Alors le roi d'Israël, Josaphat et le roi d'Édom descendirent vers lui.
Yehosafat gblɔ be, “Ahã, eyae nye ame si tututu dim míele; Yehowa ƒe nya le esi.” Ale Israel kple Yuda kple Edom ƒe fiawo yi ɖabia gbe Elisa.
13 Mais Élisée dit au roi d'Israël: Qu'y a-t-il entre moi et toi? Va-t'en vers les prophètes de ton père et vers les prophètes de ta mère! Et le roi d'Israël répondit: Non! car l'Éternel a appelé ces trois rois pour les livrer entre les mains de Moab.
Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!”
14 Alors Élisée dit: L'Éternel des armées, devant qui je me tiens, est vivant! si je n'avais égard à Josaphat, roi de Juda, je ne ferais point attention à toi, et je ne te regarderais pas.
Elisa gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nenye ɖe nyemede bubu Yuda fia Yehosafat ƒe afi sia nɔnɔ ŋu o la, anye ne nyemanye kɔ akpɔ wò gɔ̃ hã o.
15 Mais maintenant, amenez-moi un joueur de harpe. Et comme le joueur de harpe jouait, la main de l'Éternel fut sur Élisée.
Ke azɔ la, mikplɔ kasaŋkuƒola aɖe vɛ nam.” Esi kasaŋkuƒola la nɔ kasaŋkua ƒom la, Yehowa ƒe ŋusẽ va Elisa dzi
16 Et il dit: Ainsi a dit l'Éternel: Qu'on fasse des fossés par toute cette vallée.
eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miɖe ʋewo ɖe bali sia me’,
17 Car ainsi parle l'Éternel: Vous ne verrez ni vent ni pluie, et cette vallée se remplira d'eaux et vous boirez, vous, vos troupeaux et vos bêtes.
elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miakpɔ yaƒoƒo loo alo tsidzadza o, gake tsi ayɔ bali sia me si wò kple wò nyiwo kple wò lãha bubuawo miano.’
18 Et c'est peu de chose aux yeux de l'Éternel: Il livrera encore Moab entre vos mains.
Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò.
19 Et vous frapperez toutes les villes fortes et toutes les villes principales; vous abattrez tous les bons arbres, vous boucherez toutes les sources d'eau, et vous couvrirez de pierres tous les meilleurs champs.
Miagbã du sesẽ ɖe sia ɖe kple du gã ɖe sia ɖe aƒu anyi. Nenema ke mialã ati nyui ɖe sia ɖe aƒu anyi, miatɔ te tɔsisi ɖe sia ɖe ƒe sisi eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledenyigba nyuiwo katã.”
20 Le matin donc, à l'heure où l'on offre l'oblation, il arriva qu'on vit des eaux venir par le chemin d'Édom, et le pays fut rempli d'eaux.
Esi ŋu ke, le ŋdivɔsaɣi la, tsie nye ekem le dodom bababa tso Edom lɔƒo! Tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi.
21 Or tous les Moabites, ayant appris que les rois étaient montés pour leur faire la guerre, s'étaient assemblés à cri public, depuis l'âge où l'on ceint le baudrier et au-dessus; et ils se tenaient sur la frontière.
Azɔ la Moabtɔwo katã se be fiawo va aʋa wɔ ge kple yewo eya ta woyɔ ŋutsu ɖe sia ɖe, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa, ame sia ame si ate ŋu awɔ aʋa ko eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe liƒo dzi.
22 Et, le matin, à leur lever, comme le soleil se levait sur les eaux, les Moabites virent vis-à-vis d'eux les eaux rouges comme du sang.
Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe nɔ keklẽm ɖe tsia dzi eye hena Moabtɔ siwo nɔ tɔa godo la, wokpɔ tsi la wòbiã dzẽ abe ʋu ene.
23 Et ils dirent: C'est du sang! Certainement, les rois se sont entre-tués, et chacun a frappé son compagnon. Maintenant donc, Moabites, au butin!
Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!”
24 Ainsi, ils vinrent au camp d'Israël; mais les Israélites se levèrent et battirent les Moabites, qui s'enfuirent devant eux; puis ils avancèrent dans le pays, et frappèrent Moab.
Ke esi woɖo Israelviwo ƒe asaɖa me la, Israelviwo ƒe aʋawɔlawo lũ ɖe wo dzi eye wode asi Moabtɔwo wuwu me, ale Moabtɔwo si. Israelviwo ge ɖe Moabnyigba dzi eye woyi wo wuwu dzi le afi ma.
25 Ils détruisirent les villes, jetèrent chacun des pierres dans les meilleurs champs, et les remplirent; ils bouchèrent toutes les sources d'eau, et abattirent tous les bons arbres, jusqu'à ne laisser que les pierres à Kir-Haréseth, que les tireurs de fronde environnèrent et battirent.
Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe.
26 Et le roi de Moab, voyant qu'il n'était pas le plus fort, prit avec lui sept cents hommes tirant l'épée, pour pénétrer jusqu'au roi d'Édom; mais ils ne le purent.
Esi Moab fia kpɔ be woɖu ye dzi la, ekplɔ yidala alafa adre be yewoadze agbagba mamlɛtɔ ayi aɖalé Edom fia. Ke esia hã medze edzi o.
27 Alors il prit son fils aîné, qui devait régner à sa place, et il l'offrit en holocauste sur la muraille. Et il y eut chez les Israélites une grande indignation. Ainsi ils se retirèrent de lui, et s'en retournèrent en leur pays.
Azɔ la Moab fia lé Via ŋutsu tsitsitɔ si aɖu fia ɖe eteƒe la, wui eye wòtsɔe sa numevɔe ɖe gli la dzi. Nuwɔna sia na Moabtɔwo ƒe mo nyra ɖe Israelviwo ŋuti, ale Israel ƒe aʋawɔlawo trɔ dzo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

< 2 Rois 3 >