< 2 Rois 20 >

1 En ce temps-là, Ézéchias fut malade à la mort; et le prophète Ésaïe, fils d'Amots, vint vers lui, et lui dit: Ainsi a dit l'Éternel: Mets ordre à ta maison; car tu vas mourir, et tu ne vivras plus.
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’”
2 Alors Ézéchias tourna son visage contre la muraille, et pria l'Éternel;
Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,
3 Et il dit: O Éternel, souviens-toi que j'ai marché devant ta face avec fidélité et intégrité de cœur, et que j'ai fait ce qui est agréable à tes yeux! Et Ézéchias répandit beaucoup de larmes.
“Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.
4 Or, Ésaïe n'était point encore sorti jusqu'au milieu de la ville, que la parole de l'Éternel lui fut adressée en ces mots:
Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena,
5 Retourne, et dis à Ézéchias, conducteur de mon peuple: Ainsi a dit l'Éternel, le Dieu de David, ton père: J'ai entendu ta prière; j'ai vu tes larmes. Voici, je vais te guérir. Dans trois jours tu monteras à la maison de l'Éternel.
“Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
6 Je vais ajouter quinze années à tes jours; et je te délivrerai, toi et cette ville, de la main du roi d'Assyrie; et je protégerai cette ville, à cause de moi et à cause de David, mon serviteur.
Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’”
7 Puis Ésaïe dit: Prenez une masse de figues. Et ils la prirent, et la mirent sur l'ulcère; et le roi guérit.
Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se.
8 Or Ézéchias avait dit à Ésaïe: Quel est le signe que l'Éternel me guérira, et qu'au troisième jour je monterai à la maison de l'Éternel?
Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?”
9 Et Ésaïe répondit: Ceci te sera, de la part de l'Éternel, le signe que l'Éternel accomplira la parole qu'il a prononcée: L'ombre avancera-t-elle de dix degrés, ou reculera-t-elle de dix degrés?
Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?”
10 Et Ézéchias dit: C'est peu de chose que l'ombre avance de dix degrés; non, mais que l'ombre rétrograde de dix degrés.
Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.”
11 Et Ésaïe, le prophète, cria à l'Éternel, qui fit rétrograder de dix degrés l'ombre, par les degrés qu'elle avait descendus sur le cadran d'Achaz.
Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te.
12 En ce temps-là, Bérodac-Baladan, fils de Baladan, roi de Babylone, envoya des lettres avec un présent à Ézéchias, parce qu'il avait appris qu'Ézéchias avait été malade.
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ.
13 Et Ézéchias, ayant donné audience aux messagers, leur montra son trésor, l'argent, l'or, et les aromates, et l'huile précieuse, tout son arsenal, et tout ce qui se trouvait dans ses trésors. Il n'y eut rien qu'Ézéchias ne leur montrât dans sa maison et dans tout son domaine.
Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o.
14 Puis le prophète Ésaïe vint vers le roi Ézéchias, et lui dit: Qu'ont dit ces gens-là, et d'où sont-ils venus vers toi? Et Ézéchias répondit: Ils sont venus d'un pays éloigné, de Babylone.
Nyagblɔɖila Yesaya yi Fia Hezekia gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka dim ame siawo le? Afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso Babilonia ke.”
15 Et Ésaïe dit: Qu'ont-ils vu dans ta maison? Ézéchias répondit: Ils ont vu tout ce qui est dans ma maison. Il n'y a rien dans mes trésors que je ne leur aie montré.
Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.”
16 Alors Ésaïe dit à Ézéchias: Écoute la parole de l'Éternel:
Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia:
17 Voici, les jours viennent où tout ce qui est dans ta maison et ce que tes pères ont amassé dans leurs trésors jusqu'à ce jour, sera emporté à Babylone. Il n'en demeurera rien de reste, dit l'Éternel.
Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
18 On prendra même de tes fils qui seront issus de toi et que tu auras engendrés, pour être eunuques dans le palais du roi de Babylone.
Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
19 Et Ézéchias répondit à Ésaïe: La parole de l'Éternel, que tu as prononcée, est bonne! Et il ajouta: N'y aura-t-il pas paix et sûreté pendant mes jours?
Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Ke nu si tututu wòbu le eɖokui me lae nye, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ ɖeɖe nanɔ anyi le nye ŋutɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo me ko!”
20 Le reste des actions d'Ézéchias, tous ses exploits, comment il fit le réservoir et le canal par lequel il fit entrer les eaux dans la ville, cela n'est-il pas écrit au livre des Chroniques des rois de Juda?
Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
21 Et Ézéchias s'endormit avec ses pères; et Manassé, son fils, régna à sa place.
Esi Hezekia ku la, via Manase ɖu fia ɖe eteƒe.

< 2 Rois 20 >