< Nombres 8 >
1 L'Eternel parla aussi à Moïse, en disant:
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Parle à Aaron, et lui dis: Quand tu allumeras les lampes, les sept lampes éclaireront sur le devant du chandelier.
“Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’”
3 Et Aaron le fit ainsi, et il alluma les lampes [pour éclairer] sur le devant du chandelier, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu.
4 Or le chandelier était fait de telle manière, qu'il était d'or battu au marteau, [d'ouvrage] fait au marteau, sa tige aussi, [et] ses fleurs. On fit ainsi le chandelier selon le modèle que l'Eternel en avait fait voir à Moïse.
Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene.
5 Puis l'Eternel parla à Moïse, en disant:
Yehowa gblɔ na Mose be,
6 Prends les Lévites d'entre les enfants d'Israël, et les purifie.
“Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi.
7 Tu leur feras ainsi pour les purifier. Tu feras aspersion sur eux de l'eau de purification; ils feront passer le rasoir sur toute leur chair, ils laveront leurs vêtements, et ils se purifieront.
Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe.
8 Puis ils prendront un veau pris du troupeau avec son gâteau de fine farine pétrie à l'huile; et tu prendras un second veau pris du troupeau [pour l'offrande] pour le péché.
Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ.
9 Alors tu feras approcher les Lévites devant le Tabernacle d assignation, et tu convoqueras toute l'assemblée des enfants d'Israël.
Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu.
10 Tu feras, [dis-je], approcher les Lévites devant l'Eternel, et les enfants d'Israël poseront leurs mains sur les Lévites.
Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi,
11 Et Aaron présentera les Lévites en offrande devant l'Eternel de la part des enfants d'Israël, et ils seront employés au service de l'Eternel.
ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me.
12 Et les Lévites poseront leurs mains sur la tête des veaux; puis tu en sacrifieras l'un [en offrande] pour le péché, et l'autre en holocauste à l'Eternel, afin de faire propitiation pour les Lévites.
“Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu.
13 Après tu feras tenir les Lévites devant Aaron et devant ses fils, et tu les présenteras en offrande à l'Eternel.
Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene!
14 Ainsi tu sépareras les Lévites d'entre les enfants d'Israël, et les Lévites seront à moi.
Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye.
15 Après cela les Lévites viendront pour servir au Tabernacle d'assignation, quand tu les auras purifiés, et présentés en offrande.
“Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ.
16 Car ils me sont entièrement donnés d'entre les enfants d'Israël; je les ai pris pour moi au lieu de tous ceux qui ouvrent la matrice, au lieu de tous les premiers-nés d'entre les enfants d'Israël.
Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene.
17 Car tout premier-né d'entre les enfants d'Israël est à moi, tant des hommes que des bêtes; je me les suis sanctifiés le jour que je frappai tout premier-né au pays d'Egypte.
Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã.
18 r j'ai pris les Lévites au lieu de tous les premiers-nés d'entre les enfants d'Israël.
Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe.
19 Et j'ai entièrement donné d'entre les enfants d'Israël les Lévites à Aaron et à ses fils, pour faire le service des enfants d'Israël dans le Tabernacle d'assignation, et pour servir de rachat pour les enfants d'Israël; afin qu'il n'y ait point de plaie sur les enfants d'Israël, [comme il y aurait] si les enfants d'Israël s'approchaient du Sanctuaire.
Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.”
20 Moïse et Aaron, et toute l'assemblée des enfants d'Israël firent aux Lévites toutes les choses que l'Eternel avait commandées à Moïse touchant les Lévites; les enfants d'Israël le firent ainsi.
Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu.
21 Les Lévites donc se purifièrent, et lavèrent leurs vêtements, et Aaron les présenta en offrande devant l'Eternel, et fit propitiation pour eux afin de les purifier.
Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti.
22 Cela étant fait, les Lévites vinrent pour faire leur service au Tabernacle d'assignation devant Aaron, et devant ses fils; et on leur fit comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse touchant les Lévites.
Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu.
23 Puis l'Eternel parla à Moïse, en disant:
Yehowa gblɔ na Mose be,
24 C'est ici ce qui concerne les Lévites. Le Lévite depuis l'âge de vingt-cinq ans et au dessus, entrera en service pour être employé au Tabernacle d'assignation;
“Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ.
25 Mais depuis l'âge de cinquante ans il sortira de service, et ne servira plus.
Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o.
26 Cependant il servira ses frères au Tabernacle d'assignation, pour garder ce qui [leur a été commis], mais il ne fera aucun service; tu feras donc ainsi aux Lévites touchant leurs charges.
Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”