< Isaïe 37 >
1 Et il arriva qu'aussitôt que le Roi Ezéchias eut entendu ces choses, il déchira ses vêtements, et se couvrit d'un sac; et entra dans la maison de l'Eternel.
Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
2 Puis il envoya Eliakim Maître d'hôtel, et Sebna le Secrétaire, et les anciens d'entre les Sacrificateurs, couverts de sacs, vers Esaïe le Prophète fils d'Amots.
Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ.
3 Et ils lui dirent; ainsi a dit Ezéchias; ce jour-ci est le jour d'angoisse, et de répréhension, et de blasphème; car les enfants sont venus jusqu'à l'ouverture de la matrice, mais il n'y a point de force pour enfanter.
Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene.
4 Peut-être que l'Eternel ton Dieu aura entendu les paroles de Rabsaké, lequel le Roi des Assyriens son maître a envoyé pour blasphémer le Dieu vivant, et lui faire outrage, selon les paroles que l'Eternel ton Dieu a ouïes; fais donc requête pour le reste qui se trouve encore.
Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”
5 Les serviteurs donc du Roi Ezéchias vinrent vers Esaïe.
Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la,
6 Et Esaïe leur dit; vous direz ainsi à votre maître; ainsi a dit l'Eternel; ne crains point pour les paroles que tu as entendues, par lesquelles les serviteurs du Roi des Assyriens m'ont blasphémé.
Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o.
7 Voici, je m'en vais mettre en lui un tel esprit, qu'ayant entendu un certain bruit, il retournera en son pays, et je le ferai tomber par l'épée dans son pays.
Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’”
8 Or quand Rabsaké s'en fut retourné, il alla trouver le Roi des Assyriens, qui battait Libna; car [Rabsaké] avait appris qu'il était parti de Lachis.
Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
9 [Le Roi] donc [des Assyriens] ouït dire touchant Tirhaka Roi d'Ethiopie; il est sorti pour te combattre; ce qu'ayant entendu, il envoya des messagers vers Ezéchias, en leur disant;
Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be,
10 Vous parlerez ainsi à Ezéchias Roi de Juda, disant; que ton Dieu auquel tu te confies, ne t'abuse point, en disant; Jérusalem ne sera point livrée en la main du Roi des Assyriens.
“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’
11 Voilà, tu as entendu ce que les Rois des Assyriens ont fait à tous les pays, en les détruisant entièrement; et tu échapperais?
Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya?
12 Les dieux des nations que mes ancêtres ont détruites, [savoir] de Gozan, de Charan, de Retseph, et des enfants d'Héden, qui sont en Phélasar, les ont-ils délivrées?
Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa?
13 Où est le Roi de Hamath, et le Roi d'Arpad, et le Roi de la ville de Sépharvajim, Hénah et Hivah?
Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”
14 Et quand Ezéchias eut reçu les Lettres de la main des messagers, et les eut lues, il monta en la maison de l'Eternel, et Ezéchias les déploya devant l'Eternel.
Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume.
15 Puis Ezéchias fit sa prière à l'Eternel, [en disant];
Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be:
16 O Eternel des armées! Dieu d'Israël! qui es assis entre les Chérubins; toi seul es le Dieu de tous les royaumes de la terre; tu as fait les cieux et la terre.
“O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
17 O Eternel! incline ton oreille, et écoute; ô Eternel! ouvre tes yeux, et regarde, et écoute toutes les paroles de Sanchérib, lesquelles il m'a envoyé dire pour blasphémer le Dieu vivant.
O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
18 Il est bien vrai, ô Eternel! que les Rois des Assyriens ont détruit tous les pays, et leurs contrées;
“O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe.
19 Et qu'ils ont jeté au feu leurs dieux; car ce n'étaient point des dieux; mais un ouvrage de main d'homme, du bois et de la pierre; c'est pourquoi ils les ont détruits.
Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe.
20 Maintenant donc, ô Eternel notre Dieu! délivre-nous de la main de [Sanchérib], afin que tous les Royaumes de la terre sachent que toi seul es l'Eternel.
Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
21 Alors Esaïe fils d'Amots envoya vers Ezéchias, pour lui dire; ainsi a dit l'Eternel, le Dieu d'Israël; quant à ce dont tu m'as requis touchant Sanchérib Roi des Assyriens;
Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la,
22 C'est ici la parole que l'Eternel a prononcée contre lui. La vierge fille de Sion, t'a méprisé, et s'est moquée de toi; la fille de Jérusalem a branlé la tête après toi.
esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’ “Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò. Yerusalem vinyɔnu ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ.
23 Qui as-tu outragé et blasphémé? contre qui as-tu élevé ta voix, et levé tes yeux en haut? c'est contre le Saint d'Israël.
Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!
24 Tu as outragé le Seigneur par le moyen de tes serviteurs, et tu as dit; je suis monté avec la multitude de mes chariots sur le haut des montagnes, aux côtés du Liban, je couperai les plus hauts cèdres, et les plus beaux sapins qui y soient, et j'entrerai jusques en son plus haut bout, et en la forêt de son Carmel.
To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.
25 J'ai creusé [des sources], et j'en ai bu les eaux; et j'ai tari de la plante de mes pieds tous les ruisseaux des forteresses.
Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi, eye meno wo me tsi le afi ma. Mena Egipte tɔʋuwo mie le nye afɔ te.’
26 N'as-tu pas entendu que déjà dès longtemps j'ai fait cette ville, et que d'ancienneté je l'ai ainsi formée? et maintenant l'aurais-je conservée pour être réduite en désolation, et les villes munies, en monceaux de ruines?
“Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago.
27 Or leurs habitants étant dénués de force ont été épouvantés et confus, et sont devenus [comme] l'herbe des champs; et l'herbe verte, [comme] le foin des toits, qui [est] sec avant qu'il soit monté en tuyau.
Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si. Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo. Wole abe nukuwo le agble dzi ene, nu miemie fɛ̃wo le bo dzi kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene. Ŋdɔ sesẽ ɖu wo, eye woyrɔ le esime wometsi o.
28 Mais je sais ton repaire, ta sortie, et ton entrée, et comment tu es furieux contre moi.
“Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.
29 Parce que tu es furieux contre moi, et que ton insolence est montée à mes oreilles, je mettrai ma boucle en tes narines, et mon mors en ta bouche, et je te ferai retourner par le chemin par lequel tu es venu.
Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.
30 Et ceci te sera pour signe, [ô Ezéchias], c'est qu'on mangera cette année ce qui viendra de soi-même aux champs; et en la seconde année, ce qui croîtra encore sans semer; mais la troisième année, vous sèmerez et vous moissonnerez; vous planterez des vignes, et vous en mangerez le fruit.
“O! Hezekia, esia anye dzesi na wò: “Ƒe sia me la, àɖu nuku si mie le eya ŋutɔ ɖokui si, eye le ƒe evelia me la, àɖu nu si mie tso gbãtɔ me. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu. Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea
31 Et ce qui est réchappé, et demeuré de reste dans la maison de Juda, étendra sa racine par-dessous, et elle produira son fruit par-dessus.
Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku,
32 Car il sortira de Jérusalem quelques restes, et de la montagne de Sion quelques réchappés, la jalousie de l'Eternel des armées fera cela.
elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome, eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme.
33 C'est pourquoi ainsi a dit l'Eternel touchant le Roi des Assyriens; il n'entrera point en cette ville, et il n'y jettera aucune flèche, il ne se présentera point contr'elle avec le bouclier, et il ne dressera point de terrasse contr'elle.
“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi, “Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
34 Il s'en retournera par le chemin par lequel il est venu, et il n'entrera point en cette ville, dit l'Eternel.
Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.” Yehowae gblɔe.
35 Car je garantirai cette ville, afin de la délivrer pour l'amour de moi, et pour l'amour de David mon serviteur.
“Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David, nye dɔla ta!”
36 Un Ange donc de l'Eternel sortit, et tua cent quatre-vingt-cinq mille [hommes] au camp des Assyriens; et quand on fut levé de bon matin, voilà c'étaient tous des corps morts.
Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.
37 Et Sanchérib Roi des Assyriens partit de là, il s'en alla, et s'en retourna, et se tint à Ninive.
Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.
38 Et il arriva qu'étant prosterné dans la maison de Nisroc son Dieu, Adrammélec et Saréetser ses fils le tuèrent avec l'épée; puis ils se sauvèrent au pays d'Ararat, et Esarhaddon son fils régna en sa place.
Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.