< Isaïe 26 >

1 En ce jour-là ce Cantique sera chanté au pays de Juda; nous avons une ville forte; la délivrance y sera mise pour muraille et pour avant-mur.
Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be: Du sesẽ aɖe le mía si; Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe.
2 Ouvrez les portes, et la nation juste, celle qui garde la fidélité, y entrera.
Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi.
3 C'est une délibération arrêtée, que tu conserveras la vraie paix; car on se confie en toi.
Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
4 Confiez-vous en l'Eternel à perpétuité; car le rocher des siècles est en l'Eternel Dieu.
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowae nye Agakpe mavɔ la.
5 Car il abaissera ceux qui habitent aux lieux haut élevés, il renversera la ville de haute retraite, il la renversera jusqu'en terre, il la réduira jusqu'à la poussière.
Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi, ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi. Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke, eye wòtutunɛ dea ke me.
6 Le pied marchera dessus; les pieds, [dis-je], des affligés, les plantes des chétifs [marcheront dessus].
Wotua afɔe ƒua anyi. Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe.
7 Le sentier est uni au juste; tu dresses au niveau le chemin du juste.
Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.
8 Aussi t'avons-nous attendu, ô Eternel! dans le sentier de tes jugements, et le désir de notre âme tend vers ton Nom, et vers ton mémorial.
Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
9 De nuit je t'ai désiré [de] mon âme, et dès le point du jour je te rechercherai de mon esprit, qui est au dedans de moi; car lorsque tes jugements sont en la terre, les habitants de la terre habitable apprennent la justice.
Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me, le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie. Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la, xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye.
10 Est-il fait grâce au méchant? il n'en apprend point la justice, mais il agira méchamment en la terre de la droiture, et il ne regardera point à la majesté de l'Eternel.
Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.
11 Eternel, ta main est-elle haut élevée? ils ne [l']aperçoivent point; [mais] ils [l']apercevront, et ils seront honteux à cause de la jalousie [que tu montres] en faveur de ton peuple; et le feu dont tu punis tes ennemis les dévorera.
O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.
12 Eternel! tu nous procureras la paix: car aussi c'est toi qui prends soin de tout ce qui nous regarde.
Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí; nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí.
13 Eternel notre Dieu, d'autres Seigneurs que toi nous ont maîtrisés, [mais] c'est par toi [seul] que nous faisons mention de ton Nom.
O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.
14 Ils sont morts, ils ne vivront plus; ils sont trépassés, ils ne se relèveront point, parce que tu les as visités et exterminés, et que tu as fait périr toute mémoire d'eux.
Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o.
15 Eternel, tu avais accru la nation, tu avais accru la nation, tu as été glorifié, [mais] tu les as jetés loin dans tous les bouts de la terre.
Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa; èna dukɔ la keke ta ɖe edzi. Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò, eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi.
16 Eternel, étant en détresse ils se sont rendus auprès de toi, ils ont supprimé leur humble requête quand ton châtiment a été sur eux.
Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.
17 Comme celle qui est enceinte est en travail, et crie dans ses tranchées, lorsqu'elle est prête d'enfanter; tels avons-nous été à cause de ton courroux, ô Eternel!
Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.
18 Nous avons conçu, et nous avons été en travail; nous avons comme enfanté du vent, nous ne saurions en aucune manière délivrer le pays, et les habitants de la terre habitable ne tomberaient point [par notre force].
Fu le mía ɖum; míele ku lém, gake ya ko míedzi. Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o; míedzi ame siwo le xexea me o.
19 Tes morts vivront, [même] mon corps mort [vivra]; ils se relèveront. Réveillez-vous et vous réjouissez avec chant de triomphe, vous habitants de la poussière; car ta rosée est comme la rosée des herbes, et la terre jettera dehors les trépassés.
Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.
20 Va, mon peuple, entre dans tes cabinets, et ferme ta porte sur toi; cache-toi pour un petit moment, jusques à ce que l'indignation soit passée.
Miheyi, nye amewo. Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo. Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi.
21 Car voici, l'Eternel s'en va sortir de son lieu pour visiter l'iniquité des habitants de la terre, [commise] contre lui; alors la terre découvrira le sang qu'elle aura reçu, et ne couvrira plus ceux qu'on a mis à mort.
Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia, eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o.

< Isaïe 26 >