< Proverbes 26 >

1 Comme la neige en été, et la pluie pendant la moisson, Ainsi la gloire ne convient pas à un insensé.
Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o.
2 Comme l’oiseau s’échappe, comme l’hirondelle s’envole, Ainsi la malédiction sans cause n’a point d’effet.
Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.
3 Le fouet est pour le cheval, le mors pour l’âne, Et la verge pour le dos des insensés.
Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe!
4 Ne réponds pas à l’insensé selon sa folie, De peur que tu ne lui ressembles toi-même.
Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o, ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene.
5 Réponds à l’insensé selon sa folie, Afin qu’il ne se regarde pas comme sage.
Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu, ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ.
6 Il se coupe les pieds, il boit l’injustice, Celui qui donne des messages à un insensé.
Dudede asi na bometsila le abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene.
7 Comme les jambes du boiteux sont faibles, Ainsi est une sentence dans la bouche des insensés.
Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.
8 C’est attacher une pierre à la fronde, Que d’accorder des honneurs à un insensé.
Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la, nenemae bubudede bometsila ŋu le.
9 Comme une épine qui se dresse dans la main d’un homme ivre, Ainsi est une sentence dans la bouche des insensés.
Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la, nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee.
10 Comme un archer qui blesse tout le monde, Ainsi est celui qui prend à gage les insensés et les premiers venus.
Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene.
11 Comme un chien qui retourne à ce qu’il a vomi, Ainsi est un insensé qui revient à sa folie.
Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.
12 Si tu vois un homme qui se croit sage, Il y a plus à espérer d’un insensé que de lui.
Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.
13 Le paresseux dit: Il y a un lion sur le chemin, Il y a un lion dans les rues!
Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la le tsatsam le ablɔwo me!”
14 La porte tourne sur ses gonds, Et le paresseux sur son lit.
Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la, nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii.
15 Le paresseux plonge sa main dans le plat, Et il trouve pénible de la ramener à sa bouche.
Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me gake kuvia ɖoe ale gbegbe be, edede nu me zu dɔ nɛ.
16 Le paresseux se croit plus sage Que sept hommes qui répondent avec bon sens.
Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe.
17 Comme celui qui saisit un chien par les oreilles, Ainsi est un passant qui s’irrite pour une querelle où il n’a que faire.
Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene.
18 Comme un furieux qui lance des flammes, Des flèches et la mort,
Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la,
19 Ainsi est un homme qui trompe son prochain, Et qui dit: N’était-ce pas pour plaisanter?
nenemae nye ame si ble ehavi eye emegbe wògblɔ nɛ be, “Fefem ko mele!”
20 Faute de bois, le feu s’éteint; Et quand il n’y a point de rapporteur, la querelle s’apaise.
Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena.
21 Le charbon produit un brasier, et le bois du feu; Ainsi un homme querelleur échauffe une dispute.
Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la, nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe.
22 Les paroles du rapporteur sont comme des friandises, Elles descendent jusqu’au fond des entrailles.
Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.
23 Comme des scories d’argent appliquées sur un vase de terre, Ainsi sont des lèvres brûlantes et un cœur mauvais.
Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.
24 Par ses lèvres celui qui hait se déguise, Et il met au-dedans de lui la tromperie.
Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me.
25 Lorsqu’il prend une voix douce, ne le crois pas, Car il y a sept abominations dans son cœur.
Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me.
26 S’il cache sa haine sous la dissimulation, Sa méchanceté se révélera dans l’assemblée.
Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome.
27 Celui qui creuse une fosse y tombe, Et la pierre revient sur celui qui la roule.
Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.
28 La langue fausse hait ceux qu’elle écrase, Et la bouche flatteuse prépare la ruine.
Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.

< Proverbes 26 >