< Genèse 34 >
1 Dina, la fille que Léa avait enfantée à Jacob, sortit pour voir les filles du pays.
Gbe ɖeka la, Dina, Lea ƒe vinyɔnu si wòdzi na Yakob la ɖi tsa be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ ɖetugbi aɖewo ɖa.
2 Elle fut aperçue de Sichem, fils de Hamor, prince du pays. Il l’enleva, coucha avec elle, et la déshonora.
Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe.
3 Son cœur s’attacha à Dina, fille de Jacob; il aima la jeune fille, et sut parler à son cœur.
Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me.
4 Et Sichem dit à Hamor, son père: Donne-moi cette jeune fille pour femme.
Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.”
5 Jacob apprit qu’il avait déshonoré Dina, sa fille; et, comme ses fils étaient aux champs avec son troupeau, Jacob garda le silence jusqu’à leur retour.
Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ.
6 Hamor, père de Sichem, se rendit auprès de Jacob pour lui parler.
Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob.
7 Et les fils de Jacob revenaient des champs, lorsqu’ils apprirent la chose; ces hommes furent irrités et se mirent dans une grande colère, parce que Sichem avait commis une infamie en Israël, en couchant avec la fille de Jacob, ce qui n’aurait pas dû se faire.
Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o.
8 Hamor leur adressa ainsi la parole: Le cœur de Sichem, mon fils, s’est attaché à votre fille; donnez-la-lui pour femme, je vous prie.
Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee.
9 Alliez-vous avec nous; vous nous donnerez vos filles, et vous prendrez pour vous les nôtres.
Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe.
10 Vous habiterez avec nous, et le pays sera à votre disposition; restez, pour y trafiquer et y acquérir des propriétés.
Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.”
11 Sichem dit au père et aux frères de Dina: Que je trouve grâce à vos yeux, et je donnerai ce que vous me direz.
Emegbe la, Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔvia ŋutsuwo be, “Meɖe kuku, mive nunye, eye miana Dina nazu srɔ̃nye. Mana nu sia nu si miabia la mi.
12 Exigez de moi une forte dot et beaucoup de présents, et je donnerai ce que vous me direz; mais accordez-moi pour femme la jeune fille.
Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!”
13 Les fils de Jacob répondirent et parlèrent avec ruse à Sichem et à Hamor, son père, parce que Sichem avait déshonoré Dina, leur sœur.
Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta.
14 Ils leur dirent: C’est une chose que nous ne pouvons pas faire, que de donner notre sœur à un homme incirconcis; car ce serait un opprobre pour nous.
Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ.
15 Nous ne consentirons à votre désir qu’à la condition que vous deveniez comme nous, et que tout mâle parmi vous soit circoncis.
Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la,
16 Nous vous donnerons alors nos filles, et nous prendrons pour nous les vôtres; nous habiterons avec vous, et nous formerons un seul peuple.
ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka.
17 Mais si vous ne voulez pas nous écouter et vous faire circoncire, nous prendrons notre fille, et nous nous en irons.
“Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.”
18 Leurs paroles eurent l’assentiment de Hamor et de Sichem, fils de Hamor.
Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem.
19 Le jeune homme ne tarda pas à faire la chose, car il aimait la fille de Jacob. Il était considéré de tous dans la maison de son père.
Ɖekakpui la, ame si nye bubume wu ame bubuawo katã le fofoa ƒe aƒe me la wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ la dzi enumake, elabena elɔ̃ Yakob ƒe vinyɔnu la.
20 Hamor et Sichem, son fils, se rendirent à la porte de leur ville, et ils parlèrent ainsi aux gens de leur ville:
Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume.
21 Ces hommes sont paisibles à notre égard; qu’ils restent dans le pays, et qu’ils y trafiquent; le pays est assez vaste pour eux. Nous prendrons pour femmes leurs filles, et nous leur donnerons nos filles.
Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo.
22 Mais ces hommes ne consentiront à habiter avec nous, pour former un seul peuple, qu’à la condition que tout mâle parmi nous soit circoncis, comme ils sont eux-mêmes circoncis.
Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene.
23 Leurs troupeaux, leurs biens et tout leur bétail, ne seront-ils pas à nous? Acceptons seulement leur condition, pour qu’ils restent avec nous.
“Ne míewɔ esia la, ekema woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple dɔwɔlã siwo nye wo tɔ la azu mía tɔ, eye kesinɔnuwo ava míaƒe dukɔa me. Mina míalɔ̃ ɖe woƒe biabia sia dzi, ale be woanɔ mía dome.”
24 Tous ceux qui étaient venus à la porte de la ville écoutèrent Hamor et Sichem, son fils; et tous les mâles se firent circoncire, tous ceux qui étaient venus à la porte de la ville.
Ke Ŋutsu siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Hamor kple via Sekem eye wolɔ̃, wotso aʋa na wo katã.
25 Le troisième jour, pendant qu’ils étaient souffrants, les deux fils de Jacob, Siméon et Lévi, frères de Dina, prirent chacun leur épée, tombèrent sur la ville qui se croyait en sécurité, et tuèrent tous les mâles.
Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe.
26 Ils passèrent aussi au fil de l’épée Hamor et Sichem, son fils; ils enlevèrent Dina de la maison de Sichem, et sortirent.
Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe.
27 Les fils de Jacob se jetèrent sur les morts, et pillèrent la ville, parce qu’on avait déshonoré leur sœur.
Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta.
28 Ils prirent leurs troupeaux, leurs bœufs et leurs ânes, ce qui était dans la ville et ce qui était dans les champs;
Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã.
29 ils emmenèrent comme butin toutes leurs richesses, leurs enfants et leurs femmes, et tout ce qui se trouvait dans les maisons.
Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi.
30 Alors Jacob dit à Siméon et à Lévi: Vous me troublez, en me rendant odieux aux habitants du pays, aux Cananéens et aux Phérésiens. Je n’ai qu’un petit nombre d’hommes; et ils se rassembleront contre moi, ils me frapperont, et je serai détruit, moi et ma maison.
Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”
31 Ils répondirent: Traitera-t-on notre sœur comme une prostituée?
Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?”