< Isaïe 10 >

1 Malheur à ceux qui rendent des décrets d’iniquité, et à ceux qui écrivent des arrêts d’oppression,
Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,
2 pour empêcher que justice ne soit faite aux pauvres, et pour ravir leur droit aux affligés de mon peuple; pour faire des veuves leur proie et piller les orphelins.
be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.
3 Et que ferez-vous au jour de la visitation et de la destruction qui vient de loin? Vers qui vous enfuirez-vous pour avoir du secours, et où laisserez-vous votre gloire?
Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
4 [Il ne reste] qu’à se courber sous les prisonniers; et ils tomberont sous ceux qui sont massacrés. Pour tout cela, sa colère ne s’est pas détournée, et sa main est encore étendue.
Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
5 Ha! l’Assyrie, verge de ma colère! Et le bâton qui est dans leur main, c’est mon indignation!
“Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti; ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.
6 Je l’enverrai contre une nation profane; et je lui donnerai un mandat contre le peuple de ma fureur, pour [le] butiner et [le] piller, et pour le fouler aux pieds comme la boue des rues.
Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu, meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu, ne wòaɖe aboyo eƒe amewo, aha wo, eye wòafanya wo, anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi.
7 Mais lui n’en juge pas ainsi, et son cœur ne pense pas ainsi; car il a au cœur de dévaster et de retrancher des nations, pas en petit nombre.
Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.
8 Car il a dit: Mes princes ne sont-ils pas tous des rois?
Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’
9 Calno n’est-elle pas comme Carkemish? Hamath n’est-elle pas comme Arpad? Samarie n’est-elle pas comme Damas?
‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene, eye Samaria abe Damasko ene oa?
10 Comme ma main a trouvé les royaumes des idoles (et leurs images étaient plus que celles de Jérusalem et de Samarie),
Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba siwo de ŋgɔ wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la,
11 ne ferai-je pas à Jérusalem et à ses images ainsi que j’ai fait à Samarie et à ses idoles?
ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo abe ale si mewɔ Samaria kple eƒe legbawoe ene oa?’”
12 Et il arrivera que, quand le Seigneur aura achevé toute son œuvre contre la montagne de Sion et contre Jérusalem, je visiterai le fruit de l’arrogance du cœur du roi d’Assyrie et la gloire de la fierté de ses yeux.
Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta.
13 Car il a dit: Par la force de ma main je l’ai fait, et par ma sagesse, car je suis intelligent; et j’ai ôté les bornes des peuples, et j’ai pillé leurs trésors, et comme un [homme] puissant j’ai fait descendre ceux qui étaient assis [sur des trônes].
Elabena egblɔ be, “‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la, mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi.
14 Et ma main a trouvé comme un nid les richesses des peuples; et, comme on ramasse des œufs délaissés, moi, j’ai ramassé toute la terre, et il n’y en a pas eu un qui ait remué l’aile, ni ouvert le bec, ni crié.
Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la, nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe; abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la, nenema melɔ xexeme dukɔwoe: ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’”
15 – La cognée se glorifiera-t-elle contre celui qui s’en sert? La scie s’élèvera-t-elle contre celui qui la manie? Comme si la verge faisait mouvoir ceux qui la lèvent, comme si le bâton levait celui qui n’est pas du bois!
Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma. Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã?
16 C’est pourquoi le Seigneur, l’Éternel des armées, enverra la maigreur parmi ses [hommes] gras, et, sous sa gloire, allumera un incendie comme un incendie de feu.
Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene.
17 Et la lumière d’Israël sera un feu, et son Saint, une flamme; et il brûlera et dévorera ses épines et ses ronces, en un seul jour;
Israel ƒe Kekeli azu dzo, eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene, eye le ŋkeke ɖeka dzi la, abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo.
18 et il consumera la gloire de sa forêt et de son champ fertile, depuis l’âme jusqu’à la chair; et il en sera comme d’un malade qui va dépérissant.
Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la, nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi.
19 Et le reste des arbres de sa forêt sera un petit nombre, et un enfant les inscrirait.
Avemetiawo abi ale gbegbe be, ɖevi sue ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu axlẽ esiwo susɔ aŋlɔ da ɖi.
20 Et il arrivera, en ce jour-là, que le résidu d’Israël et les réchappés de la maison de Jacob ne s’appuieront plus sur celui qui les a frappés; mais ils s’appuieront sur l’Éternel, le Saint d’Israël, en vérité.
Ava eme le ɣe ma ɣi me be Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe, ame siwo tsi agbe la, magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
21 Le résidu reviendra, le résidu de Jacob, au Dieu fort;
Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ, Yakob ƒe ame mamlɛawo atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu.
22 car ton peuple Israël serait-il comme le sable de la mer, un résidu [seulement] reviendra; la consomption décrétée débordera en justice.
Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel, le abe ƒutake ene hã la, ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ. Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi.
23 Car le Seigneur, l’Éternel des armées, accomplit au milieu de toute la terre une consomption, et une [consomption] décrétée.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi.
24 C’est pourquoi, ainsi dit le Seigneur, l’Éternel des armées: Mon peuple, qui habites en Sion, ne crains pas l’Assyrien! Il te frappera avec une verge et lèvera son bâton sur toi à la manière de l’Égypte;
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
25 car encore très peu de temps, et l’indignation sera accomplie, et ma colère, dans leur destruction.
Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi, eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.”
26 Et l’Éternel des armées suscitera contre lui un fouet, comme Madian a été frappé au rocher d’Oreb; et son bâton [sera] sur la mer, et il le lèvera à la manière de l’Égypte.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene, eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi abe ale si wòdze le Egipte la ene.
27 Et il arrivera en ce jour-là, que son fardeau sera ôté de dessus ton épaule, et son joug de dessus ton cou; et le joug sera détruit à cause de l’onction…
Le ŋkeke ma dzi la, woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta, aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ, eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta.
28 Il est arrivé à Aïath, il a traversé Migron, il a déposé ses bagages à Micmash.
Woge ɖe Ayat, woto Migron, eye wova gble woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.
29 Ils ont passé le défilé; ils ont dressé leur camp à Guéba. Rama tremble, Guibha de Saül a pris la fuite.
Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
30 Pousse des cris, fille de Gallim! Fais attention, Laïs! – Pauvre Anathoth!
Do boboe, Galim nyɔnuvi; Laisa, ƒu to anyi, nublanuie nye Anatɔt.
31 Madména est en fuite, les habitants de Guébim se sauvent.
Maglimae si, Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui.
32 Encore un jour d’arrêt à Nob; il menace de sa main la montagne de la fille de Sion, la colline de Jérusalem…
Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu. Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu.
33 Voici, le Seigneur, l’Éternel des armées, abat les hautes branches avec violence, et ceux qui sont grands de stature seront coupés, et ceux qui sont élevés seront abaissés;
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati siwo kɔ de dzi bobobo, eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi.
34 et il éclaircira avec le fer les épais taillis de la forêt, et le Liban tombera par un puissant.
Woatsɔ fia adza ave dodowo, eye Ŋusẽtɔ la amu Lebanon ƒe sedatiwo aƒu anyi le avewo me.

< Isaïe 10 >