< Exode 40 >

1 Et l’Éternel parla à Moïse, disant:
Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Au premier mois, le premier jour du mois, tu dresseras le tabernacle de la tente d’assignation;
“Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
3 et tu y placeras l’arche du témoignage, et tu couvriras l’arche avec le voile.
Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la.
4 Et tu apporteras la table, et tu y arrangeras ce qui doit y être arrangé; et tu apporteras le chandelier, et tu allumeras ses lampes.
Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo.
5 Et tu mettras l’autel d’or pour l’encens devant l’arche du témoignage; et tu placeras le rideau à l’entrée du tabernacle.
“Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu,
6 Et tu mettras l’autel de l’holocauste devant l’entrée du tabernacle de la tente d’assignation.
eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu.
7 Et tu mettras la cuve entre la tente d’assignation et l’autel, et tu y mettras de l’eau.
Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme.
8 Et tu placeras le parvis tout autour, et tu mettras le rideau de la porte du parvis.
Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu.
9 Et tu prendras l’huile de l’onction, et tu en oindras le tabernacle et tout ce qui est dedans; et tu le sanctifieras avec tous ses ustensiles, et il sera saint.
“Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ.
10 Et tu oindras l’autel de l’holocauste et tous ses ustensiles; et tu sanctifieras l’autel, et l’autel sera une chose très sainte.
Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie.
11 Et tu oindras la cuve et son soubassement, et tu la sanctifieras.
Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe.
12 Et tu feras approcher Aaron et ses fils à l’entrée de la tente d’assignation, et tu les laveras avec de l’eau.
“Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo.
13 Et tu revêtiras Aaron des saints vêtements, et tu l’oindras, et tu le sanctifieras, et il exercera la sacrificature devant moi.
Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene.
14 Et tu feras approcher ses fils, et tu les revêtiras des tuniques,
Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo,
15 et tu les oindras comme tu auras oint leur père; et ils exerceront la sacrificature devant moi; et leur onction leur sera pour [exercer] une sacrificature perpétuelle en leurs générations.
eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.”
16 Et Moïse fit selon tout ce que l’Éternel lui avait commandé; il fit ainsi.
Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.
17 Et il arriva, le premier mois, en la seconde année, le premier [jour] du mois, que le tabernacle fut dressé.
Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la.
18 Et Moïse dressa le tabernacle, et mit ses bases, et plaça ses ais, et mit ses traverses, et dressa ses piliers.
Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu.
19 Et il étendit la tente sur le tabernacle, et mit la couverture de la tente sur elle, par-dessus, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
20 Et il prit et mit le témoignage dans l’arche; et il plaça les barres à l’arche; et il mit le propitiatoire sur l’arche, par-dessus.
Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu.
21 Et il apporta l’arche dans le tabernacle, et plaça le voile qui sert de rideau, et en couvrit l’arche du témoignage, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
22 Et il mit la table dans la tente d’assignation, sur le côté du tabernacle, vers le nord, en dehors du voile;
Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo,
23 et il rangea sur elle, en ordre, le pain devant l’Éternel, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
24 Et il plaça le chandelier dans la tente d’assignation, vis-à-vis de la table, sur le côté du tabernacle, vers le midi;
Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo.
25 et il alluma les lampes devant l’Éternel, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu,
26 Et il plaça l’autel d’or dans la tente d’assignation, devant le voile;
eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu.
27 et il fit fumer dessus l’encens des drogues odoriférantes, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
28 Et il plaça le rideau de l’entrée du tabernacle.
Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu,
29 Et il plaça l’autel de l’holocauste à l’entrée du tabernacle de la tente d’assignation, et il offrit sur lui l’holocauste et l’offrande de gâteau, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
30 Et il plaça la cuve entre la tente d’assignation et l’autel, et y mit de l’eau pour se laver.
Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me.
31 Et Moïse, et Aaron et ses fils, s’y lavèrent les mains et les pieds;
Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia.
32 lorsqu’ils entraient dans la tente d’assignation, et qu’ils s’approchaient de l’autel, ils se lavaient, comme l’Éternel l’avait commandé à Moïse.
Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
33 Et il dressa le parvis tout autour du tabernacle et de l’autel, et mit le rideau à la porte du parvis. Et Moïse acheva l’œuvre.
Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba.
34 Et la nuée couvrit la tente d’assignation, et la gloire de l’Éternel remplit le tabernacle;
Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme.
35 et Moïse ne pouvait entrer dans la tente d’assignation; car la nuée demeura dessus, et la gloire de l’Éternel remplissait le tabernacle.
Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu.
36 Et quand la nuée se levait de dessus le tabernacle, les fils d’Israël partaient, dans toutes leurs traites;
Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome.
37 et si la nuée ne se levait pas, ils ne partaient pas, jusqu’au jour où elle se levait;
Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ.
38 car la nuée de l’Éternel était sur le tabernacle le jour, et un feu y était la nuit, aux yeux de toute la maison d’Israël, dans toutes leurs traites.
Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.

< Exode 40 >