< Ruth 1 >

1 A l'époque où les juges jugeaient, il y eut une famine dans le pays. Un homme de Bethléem Juda alla s'installer dans le pays de Moab avec sa femme et ses deux fils.
Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi.
2 Cet homme s'appelait Elimélek et sa femme Naomi. Ses deux fils s'appelaient Mahlon et Chilion, Ephrathites de Bethléem Juda. Ils vinrent dans le pays de Moab et y habitèrent.
Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.
3 Elimelech, le mari de Naomi, mourut et elle resta avec ses deux fils.
Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo.
4 Ils prirent pour eux des femmes parmi les femmes de Moab. Le nom de l'une était Orpa, et le nom de l'autre Ruth. Ils habitèrent là environ dix ans.
Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la,
5 Mahlon et Chilion moururent tous deux, et la femme fut privée de ses deux enfants et de son mari.
Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.
6 Elle se leva avec ses belles-filles pour revenir du pays de Moab, car elle avait entendu dire, dans le pays de Moab, comment Yahvé avait visité son peuple en lui donnant du pain.
Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo.
7 Elle sortit du lieu où elle se trouvait, et ses deux belles-filles avec elle. Elles prirent le chemin du retour vers le pays de Juda.
Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.
8 Naomi dit à ses deux belles-filles: « Allez, retournez chacune dans la maison de votre mère. Que Yahvé vous traite avec bonté, comme vous avez traité les morts et moi.
Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.
9 Que Yahvé vous accorde de trouver du repos, chacune dans la maison de son mari. » Puis elle les embrassa, et ils élevèrent la voix et pleurèrent.
Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe.
10 Ils lui dirent: « Non, mais nous retournerons avec toi dans ton peuple. »
Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.”
11 Naomi dit: « Retournez-y, mes filles. Pourquoi voulez-vous partir avec moi? Ai-je encore des fils dans mon sein, pour qu'ils soient vos maris?
Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea?
12 Repartez, mes filles, allez votre chemin, car je suis trop vieille pour avoir un mari. Si je disais: « J'ai de l'espoir », si j'avais un mari cette nuit, et si j'avais aussi des fils,
Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la,
13 attendriez-vous qu'ils soient grands? Vous abstiendriez-vous d'avoir des maris? Non, mes filles, car cela m'afflige beaucoup à cause de vous, car la main de Yahvé s'est levée contre moi. »
ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!”
14 Elles élevèrent la voix et pleurèrent de nouveau; puis Orpa embrassa sa belle-mère, mais Ruth resta avec elle.
Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.
15 Elle dit: « Voici, ta belle-sœur est retournée vers son peuple et vers son dieu. Suis ta belle-sœur. »
Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.”
16 Ruth dit: « Ne me pousse pas à te quitter et à ne plus te suivre, car là où tu iras, j'irai, et là où tu resteras, je resterai. Ton peuple sera mon peuple, et ton Dieu sera mon Dieu.
Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.
17 Là où tu mourras, je mourrai, et là je serai enterré. Que Yahvé me fasse ainsi, et plus encore, si quelque chose d'autre que la mort nous sépare, toi et moi. »
Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.”
18 Lorsque Naomi vit qu'elle était décidée à partir avec elle, elle cessa de la presser.
Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu,
19 Elles allèrent donc toutes deux jusqu'à ce qu'elles arrivent à Bethléem. Lorsqu'elles furent arrivées à Bethléem, toute la ville s'enthousiasma pour elles, et elles demandèrent: « Est-ce Naomi? »
ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?”
20 Elle leur dit: « Ne m'appelez pas Naomi. Appelez-moi Mara, car le Tout-Puissant s'est montré très amer envers moi.
Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ.
21 Je suis sortie pleine, et Yahvé m'a ramenée à vide. Pourquoi m'appelez-vous Naomi, puisque Yahvé a témoigné contre moi et que le Tout-Puissant m'a affligée? ».
Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?”
22 Naomi s'en retourna donc, et Ruth la Moabite, sa belle-fille, avec elle, qui était revenue du pays de Moab. Elles arrivèrent à Bethléem au début de la récolte de l'orge.
Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze.

< Ruth 1 >