< Exode 29 >
1 « Voici ce que tu leur feras pour les sanctifier, afin qu'ils soient à mon service dans le sacerdoce: prends un jeune taureau et deux béliers sans défaut,
“Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o,
2 des pains sans levain, des gâteaux sans levain mélangés à de l'huile et des galettes sans levain ointes d'huile. Tu les feras avec de la fine farine de froment.
eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo.
3 Tu les mettras dans un panier, et tu les apporteras dans le panier, avec le taureau et les deux béliers.
Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ.
4 Tu feras venir Aaron et ses fils à l'entrée de la tente de la Rencontre, et tu les laveras avec de l'eau.
Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu.
5 Tu prendras les vêtements et tu revêtiras Aaron de la tunique, de la robe de l'éphod, de l'éphod et du pectoral, et tu le revêtiras de la bande de l'éphod habilement tissée.
Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ,
6 Tu placeras le turban sur sa tête, et tu mettras la couronne sacrée sur le turban.
eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ.
7 Tu prendras ensuite l'huile d'onction, tu la verseras sur sa tête et tu l'oindras.
Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ.
8 Tu feras venir ses fils, et tu les revêtiras de tuniques.
Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo.
9 Tu les revêtiras de ceintures, Aaron et ses fils, et tu leur attacheras des bandeaux. Ils auront le sacerdoce par un statut perpétuel. Tu consacreras Aaron et ses fils.
Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe.
10 « Tu amèneras le taureau devant la tente de la Rencontre; Aaron et ses fils poseront leurs mains sur la tête du taureau.
“Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi.
11 Tu égorgeras le taureau devant Yahvé, à l'entrée de la tente de la Rencontre.
Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu.
12 Tu prendras du sang du taureau, tu en mettras sur les cornes de l'autel avec ton doigt, et tu verseras tout le sang au pied de l'autel.
Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te.
13 Tu prendras toute la graisse qui recouvre les entrailles, la couverture du foie, les deux rognons et la graisse qui les recouvre, et tu les brûleras sur l'autel.
Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
14 Mais la viande du taureau, sa peau et ses excréments, tu les brûleras au feu en dehors du camp. C'est un sacrifice pour le péché.
Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene.
15 « Tu prendras aussi un bélier, et Aaron et ses fils poseront leurs mains sur la tête du bélier.
“Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi,
16 Tu égorgeras le bélier, tu prendras son sang, et tu en feras l'aspersion autour de l'autel.
eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo.
17 Tu couperas le bélier en morceaux, tu laveras ses entrailles et ses jambes, et tu les mettras avec ses morceaux et avec sa tête.
Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi.
18 Tu brûleras le bélier tout entier sur l'autel: c'est un holocauste à l'Éternel; c'est une odeur agréable, un sacrifice par le feu à l'Éternel.
Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ.
19 « Tu prendras l'autre bélier, et Aaron et ses fils poseront leurs mains sur la tête du bélier.
“Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi.
20 Tu égorgeras le bélier, tu prendras de son sang, tu en mettras sur le lobe de l'oreille droite d'Aaron et sur le lobe de l'oreille droite de ses fils, sur le pouce de leur main droite et sur le gros orteil de leur pied droit, et tu aspergeras le sang tout autour de l'autel.
Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo.
21 Tu prendras du sang qui est sur l'autel et de l'huile d'onction, et tu en feras l'aspersion sur Aaron, sur ses vêtements, sur ses fils et sur les vêtements de ses fils avec lui; il sera sanctifié, ainsi que ses vêtements, ses fils et les vêtements de ses fils avec lui.
Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa.
22 Tu prendras aussi de la graisse du bélier, la queue, la graisse qui recouvre les entrailles, la couverture du foie, les deux rognons, la graisse qui les recouvre, et la cuisse droite (car c'est un bélier de consécration),
“Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.)
23 et un pain, un gâteau de pain huilé et une galette de la corbeille de pains sans levain qui est devant l'Éternel.
Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me.
24 Tu mettras tout cela dans les mains d'Aaron et dans les mains de ses fils, et tu les agiteras en offrande par élévation devant l'Éternel.
Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene.
25 Tu les prendras de leurs mains et tu les brûleras sur l'autel, sur l'holocauste, comme une odeur agréable devant l'Éternel: c'est une offrande faite par feu à l'Éternel.
Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene.
26 « Tu prendras la poitrine du bélier de consécration d'Aaron et tu l'agiteras en signe d'offrande devant Yahvé. Ce sera ta part.
Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò.
27 Tu sanctifieras la poitrine de l'offrande par agitation et la cuisse de l'offrande par agitation, qu'on agitera et qu'on élèvera, du bélier de consécration, de celle qui est pour Aaron et de celle qui est pour ses fils.
“Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo.
28 Ce sera pour Aaron et ses fils, comme leur part à perpétuité parmi les enfants d'Israël, car c'est une offrande par ondulation. C'est une offrande ondulée des enfants d'Israël, parmi les sacrifices de leurs sacrifices de communion, leur offrande ondulée à Yahvé.
Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene.
29 « Les vêtements sacrés d'Aaron seront destinés à ses fils après lui, pour qu'ils y soient oints et qu'ils y soient consacrés.
“Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime.
30 Le fils qui sera prêtre à sa place les revêtira pendant sept jours, lorsqu'il entrera dans la tente de la Rencontre pour faire le service dans le lieu saint.
Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa.
31 « Tu prendras le bélier de consécration et tu feras bouillir sa viande dans un lieu saint.
“Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe.
32 Aaron et ses fils mangeront la viande du bélier et le pain qui est dans la corbeille, à l'entrée de la tente d'assignation.
Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu.
33 Ils mangeront ces choses avec lesquelles on a fait l'expiation, pour les consacrer et les sanctifier; mais l'étranger n'en mangera pas, car elles sont saintes.
Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye.
34 S'il reste quelque chose de la viande de la consécration ou du pain jusqu'au matin, vous brûlerez au feu ce qui restera. On n'en mangera pas, car c'est une chose sainte.
Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe.
35 « Tu feras ainsi à Aaron et à ses fils, selon tout ce que je t'ai ordonné. Tu les consacreras pendant sept jours.
“Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre.
36 Chaque jour, tu offriras le taureau du sacrifice pour le péché en expiation. Tu purifieras l'autel lorsque tu en feras l'expiation. Tu l'oindras, pour le sanctifier.
Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ.
37 Pendant sept jours, tu feras des expiations sur l'autel et tu le sanctifieras; l'autel sera très saint. Tout ce qui touchera l'autel sera saint.
Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.”
38 « Voici ce que tu offriras sur l'autel: deux agneaux d'un an, jour par jour, continuellement.
“Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe,
39 Tu offriras l`un des agneaux le matin, et l`autre agneau le soir;
ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me.
40 tu offriras avec l`un des agneaux un dixième d`épha de fleur de farine mélangé à un quart de hin d`huile battue, et un quart de hin de vin, comme libation.
Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu.
41 Tu offriras l'autre agneau le soir, et tu lui feras selon l'offrande du matin et selon sa libation, un sacrifice consumé par le feu, d'une agréable odeur à l'Éternel.
Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa.
42 Ce sera un holocauste perpétuel, de génération en génération, à l'entrée de la tente d'assignation, devant l'Éternel, là où je me réunirai avec vous pour vous parler.
“Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò.
43 C'est là que je rencontrerai les enfants d'Israël, et le lieu sera sanctifié par ma gloire.
Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu.
44 Je sanctifierai la tente de la Rencontre et l'autel. Je sanctifierai aussi Aaron et ses fils pour qu'ils soient à mon service dans le sacerdoce.
Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu.
45 J'habiterai au milieu des enfants d'Israël et je serai leur Dieu.
Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu,
46 Ils sauront que je suis Yahvé leur Dieu, qui les a fait sortir du pays d'Égypte, pour habiter au milieu d'eux: Je suis Yahvé, leur Dieu.
eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”