< 2 Mooseksen 3 >
1 Ja Mooses kaitsi appensa Jetron, Midianin papin, lampaita. Ja kun hän kerran ajoi lampaita erämaan tuolle puolen, tuli hän Jumalan vuoren, Hoorebin, juurelle.
Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.
2 Silloin Herran enkeli ilmestyi hänelle tulen liekissä keskellä orjantappurapensasta; ja hän näki, että pensas paloi ilmitulessa, mutta pensas ei kuitenkaan kulunut.
Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la,
3 Niin Mooses sanoi: "Minä käyn tuonne ja katson tätä suurta näkyä, miksi ei pensas pala poroksi".
Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.”
4 Kun Herra näki hänen tulevan katsomaan, huusi hän, Jumala, hänelle pensaasta ja sanoi: "Mooses, Mooses!" Hän vastasi: "Tässä olen".
Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”
5 Hän sanoi: "Älä tule tänne! Riisu kengät jalastasi, sillä paikka, jossa seisot, on pyhä maa."
Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo.
6 Ja hän sanoi vielä: "Minä olen sinun isäsi Jumala, Aabrahamin Jumala, Iisakin Jumala ja Jaakobin Jumala". Ja Mooses peitti kasvonsa, sillä hän pelkäsi katsoa Jumalaa.
Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ.
7 Ja Herra sanoi: "Minä olen nähnyt kansani kurjuuden Egyptissä ja kuullut heidän huutonsa sortajainsa tähden; niin, minä tiedän heidän tuskansa.
Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,
8 Sentähden minä olen astunut alas vapauttamaan heidät egyptiläisten kädestä ja johdattamaan heidät siitä maasta hyvään ja tilavaan maahan, maahan, joka vuotaa maitoa ja mettä, sinne, missä kanaanilaiset, heettiläiset, amorilaiset, perissiläiset, hivviläiset ja jebusilaiset asuvat.
eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.
9 Ja nyt on israelilaisten huuto tullut minun kuuluviini, ja minä olen myös nähnyt sen sorron, jolla egyptiläiset heitä sortavat.
Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe.
10 Niin mene nyt, minä lähetän sinut faraon tykö, ja vie minun kansani, israelilaiset, pois Egyptistä."
Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.”
11 Mutta Mooses sanoi Jumalalle: "Mikä minä olen menemään faraon tykö ja viemään israelilaisia pois Egyptistä?"
Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?”
12 Hän vastasi: "Minä olen sinun kanssasi; ja tämä olkoon sinulle tunnusmerkkinä, että minä olen sinut lähettänyt: kun olet vienyt kansan pois Egyptistä, niin te palvelette Jumalaa tällä vuorella".
Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.”
13 Mooses sanoi Jumalalle: "Katso, kun minä menen israelilaisten luo ja sanon heille: 'Teidän isienne Jumala on lähettänyt minut teidän luoksenne', ja kun he kysyvät minulta: 'Mikä hänen nimensä on?' niin mitä minä heille vastaan?"
Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?”
14 Jumala vastasi Moosekselle: "Minä olen se, joka minä olen". Ja hän sanoi vielä: "Sano israelilaisille näin: 'Minä olen' lähetti minut teidän luoksenne".
Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’”
15 Ja Jumala sanoi vielä Moosekselle: "Sano israelilaisille näin: Herra, teidän isienne Jumala, Aabrahamin Jumala, Iisakin Jumala ja Jaakobin Jumala, lähetti minut teidän luoksenne; tämä on minun nimeni iankaikkisesti, ja näin minua kutsuttakoon sukupolvesta sukupolveen.
Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ.
16 Mene ja kokoa Israelin vanhimmat ja sano heille: Herra, teidän isienne Jumala, Aabrahamin, Iisakin ja Jaakobin Jumala, on ilmestynyt minulle ja sanonut: 'Totisesti minä pidän teistä huolen ja pidän silmällä, mitä teille tapahtuu Egyptissä.
“Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte.
17 Ja minä olen päättänyt näin: minä johdatan teidät pois Egyptin kurjuudesta kanaanilaisten, heettiläisten, amorilaisten, perissiläisten, hivviläisten ja jebusilaisten maahan, siihen maahan, joka vuotaa maitoa ja mettä.'
Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’
18 Ja he kuulevat sinua. Niin mene sitten, sinä ja Israelin vanhimmat, Egyptin kuninkaan tykö, ja sanokaa hänelle: 'Herra, hebrealaisten Jumala, on kohdannut meitä. Anna siis meidän mennä kolmen päivän matka erämaahan uhraamaan Herralle, Jumalallemme.'
“Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’
19 Mutta minä tiedän, että Egyptin kuningas ei päästä teitä menemään, ei edes väkevän käden pakolla.
Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi.
20 Mutta minä ojennan käteni ja lyön Egyptiä kaikenkaltaisilla ihmeilläni, joita minä olen siellä tekevä, ja sitten hän päästää teidät.
Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi.
21 Ja minä annan tämän kansan päästä egyptiläisten suosioon, niin että te lähtiessänne ette lähde tyhjin käsin.
“Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o!
22 Vaan jokainen vaimo on pyytävä naapuriltaan ja luonaan majailevalta vaimolta hopea-ja kultakaluja ja vaatteita. Niihin te puette poikanne ja tyttärenne ja viette ne saaliina egyptiläisiltä."
Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”