< Zefania 1 >

1 Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu. Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.
For the choirmaster. With stringed instruments. This is the word of the LORD that came to Zephaniah son of Cushi, the son of Gedaliah, the son of Amariah, the son of Hezekiah, in the days of Josiah son of Amon king of Judah:
2 “Makplɔ nu sia nu si le miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.” Yehowae gblɔe.
“I will completely sweep away everything from the face of the earth,”
3 “Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe.
“I will sweep away man and beast; I will sweep away the birds of the air, and the fish of the sea, and the idols with their wicked worshipers. I will cut off mankind from the face of the earth,”
4 “Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,
“I will stretch out My hand against Judah and against all who dwell in Jerusalem. I will cut off from this place every remnant of Baal, the names of the idolatrous and pagan priests—
5 ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek,
those who bow on the rooftops to worship the host of heaven, those who bow down and swear by the LORD but also swear by Milcom,
6 kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.”
and those who turn back from following the LORD, neither seeking the LORD nor inquiring of Him.”
7 Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti.
Be silent in the presence of the Lord GOD, for the Day of the LORD is near. Indeed, the LORD has prepared a sacrifice; He has consecrated His guests.
8 “Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo.
“On the Day of the LORD’s sacrifice I will punish the princes, the sons of the king, and all who are dressed in foreign apparel.
9 Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.”
On that day I will punish all who leap over the threshold, who fill the house of their master with violence and deceit.
10 Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi.
On that day,” declares the LORD, “a cry will go up from the Fish Gate, a wail from the Second District, and a loud crashing from the hills.
11 Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.
Wail, O dwellers of the Hollow, for all your merchants will be silenced; all who weigh out silver will be cut off.
12 Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’
And at that time I will search Jerusalem with lamps and punish the men settled in complacency, who say to themselves, ‘The LORD will do nothing, either good or bad.’
13 Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”
Their wealth will be plundered and their houses laid waste. They will build houses but not inhabit them, and plant vineyards but never drink their wine.
14 Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.
The great Day of the LORD is near— near and coming quickly. Listen, the Day of the LORD! Then the cry of the mighty will be bitter.
15 Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe,
That day will be a day of wrath, a day of trouble and distress, a day of destruction and desolation, a day of darkness and gloom, a day of clouds and blackness,
16 Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu.
a day of horn blast and battle cry against the fortified cities, and against the high corner towers.
17 “Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene.
I will bring such distress on mankind that they will walk like the blind, because they have sinned against the LORD. Their blood will be poured out like dust and their flesh like dung.
18 Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.
Neither their silver nor their gold will be able to deliver them on the Day of the LORD’s wrath. The whole earth will be consumed by the fire of His jealousy.” For indeed, He will make a sudden end of all who dwell on the earth.

< Zefania 1 >