< Zefania 3 >

1 “Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.
What disaster is coming to corrupted, rebellious Jerusalem, you who oppress people!
2 Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o.
You don't listen to anybody, you don't accept correction, you don't trust in the Lord, you don't ask for God's help.
3 Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.
Your leaders are as greedy as roaring lions; your judges are ravenous wolves that leave nothing behind by morning.
4 Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo.
Your prophets are arrogant, deceitful men who defile what is sacred and who openly break the law.
5 Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.
But the Lord who does right is still among you, he does no wrong. Every morning he gives his judgment, every day without fail. But those who act unjustly have no shame.
6 “Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o.
I have destroyed nations. Their fortresses are deserted; their streets are empty; their cities are destroyed—there are no survivors, not one.
7 Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu,
I told myself, “Surely they will respect me now and accept my correction. Then their homes would not be destroyed to teach them a lesson.” But instead you're just as eager to go on doing evil.
8 eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.
You just wait, declares the Lord. The day is coming when I will rise to give evidence. For I have decided to gather together all the nations and kingdoms and to pour out on them my anger, my fury and my rage. The whole earth will be burned up by the fire of my jealous anger.
9 “Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe.
For then I will give the nations pure speech so they can all pray and worship the Lord together.
10 Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam.
From beyond the rivers of Ethiopia my scattered people, my worshipers, will come to bring their offerings to me.
11 Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.
On that day you won't be ashamed because of what you did in rebelling against me, for I will remove from among you those who are proud and boastful. Never again will you be conceited on my holy mountain.
12 Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome.
I will leave among you those who are meek and humble, those who trust in the name of the Lord.
13 Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.”
The people of Israel who remain will not act wickedly nor will they tell lies. They will not deceive one another. They will be able to eat in peace and sleep in safety for there will be nothing to frighten them.
14 O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi!
Sing out, Jerusalem! Shout aloud, Israel! Jerusalem, be happy and celebrate with all your heart!
15 Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o.
For the Lord has turned aside from punishing you, and he has turned back your enemies. The Lord, the king of Israel, is with you, and you will never again have to fear disaster.
16 Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.
On that day the message to the people of Jerusalem will be, “Don't be afraid; don't be discouraged!”
17 Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”
The Lord your God is among you as a mighty warrior who saves. He will be so happy with you. He will renew his love for you. He will celebrate over you with loud singing.
18 “Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi.
I will gather those of you who mourn for the religious festivals—you will no longer have to bear the disgrace.
19 Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.
Look at what I am going to do! At that time I am going to deal with all those who have oppressed you. I will save those who are helpless and bring back those who were scattered, and I will turn their shame into praise, and all the world will respect them.
20 Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe.
At that time I will bring you home, gathering you together. I will give you a good reputation, and you will be praised by all the peoples of the earth when I restore your status before your very eyes, says the Lord.

< Zefania 3 >