< Zefania 2 >
1 Miƒo ƒu! Miƒo ƒu! O, dukɔ si ŋu mekpena o,
沒有廉恥的民族,在他們尚未像糠枇一樣被吹散之前,
2 hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.
在上主的怒火尚未來到你們身上,在上主憤怒的日子尚未來到你們身上以前,你們聚首檢討吧!
3 Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi.
地上所有遵守衪法律的卑微人! 你們應求上主,你們要尋求公義,要尋求謙和,也許你們在上主憤怒的日子,能藏身免禍。
4 Gaza azu aƒedo, eye Askelon azu gli gbagbã. Le ŋdɔkutsu me woalɔ Asdod ƒioƒioƒio, eye woaho Ekron kple ke.
因為茄薩將被拋棄,阿市刻隆必被剷除。
5 Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”
禍哉! 沿海地帶的居民,革勒提民族! 看,這是木攻擊你們的話:培肋舍特地! 我要貶抑你,把你毀滅得再無固民!
6 Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la, azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo.
沿海地帶必將成為牧的牧場,羊群的羊棧。
7 Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ, afi mae woakpɔ lãnyiƒe le. Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me. Yehowa, woƒe Mawu la akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te.
沿海地帶必將歸於猶大家的遺民;他們將沿著海濱放羊,晚上歇息在阿市刻隆的棧房,因為上主他們的天主必看顧他們,轉變他們的境遇。
8 “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti.
我聽到了摩阿布的辱罵,阿孟子民火詆詬;他們辱罵了我的百姓,欺凌了我的領域。
9 Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.”
為此,我指著我的生命起誓──萬軍的上主,以色列天主火斷語:摩阿布必要像索多瑪,哈孟子民必要像哈摩辣,變為荊棘叢、監堆、荒野,直到永遠。我百姓的遺民要劫掠他們,我民族的殘餘,要佔領他們的產業。
10 Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti.
這事要臨到他們身上,是由於他們的的傲慢,因為他們辱罵欺凌了萬軍的上主的百姓。
11 Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo.
上主必要威嚴地顯示給他們,因為衪要消滅地上的一切神衹;那時異邦各笆島嶼,各從自己的地方朝拜衪。
12 “Mi Kustɔwo, woatsrɔ̃ miawo hã kple yi.”
連你們雇士人,也要為我的刀劍所刺透。
13 Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene.
衪還要向北方伸出自己的手,為消滅亞述,使尼尼微化為荒地,像杪漠一樣乾旱。
14 Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu.
牲畜和窪地所有的走獸必要臥息息其中,鵜鴣和鵁鶄也棲宿在她的柱頭間,鴟梟在窗上啼叫,烏鴉停門檻上,因為人剝去了她以香柏做的裝飾:
15 Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.
這就是那享樂安居,心想「只有我,沒有別人」的城市! 她如何竟成了荒野,成了野獸的棲所! 凡由她那裏經過的人,莫不嗤笑搖手。