< Zekaria 1 >

1 Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,
ダリヨスの二年八月のヱホバの言イドの子ベレキヤの子なる預言者ゼカリヤに臨めり云く
2 “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie,
ヱホバいたく汝らの父等を怒りたまへり
3 eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’
萬軍のヱホバかく言ふと汝かれらに告よ萬軍のヱホバ言ふ汝ら我に歸れ萬軍のヱホバいふ我も汝らに歸らん
4 Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o.
汝らの父等のごとくならざれ前の預言者等かれらに向ひて呼はりて言り萬軍のヱホバかく言たまふ請ふ汝らその惡き道を離れその惡き行を棄てて歸れと然るに彼等は聽ず耳を我に傾けざりきヱホバこれを言ふ
5 Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea?
汝らの父等は何處にありや預言者たち永遠に生んや
6 Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’”
然ながら我僕なる預言者等に我が命じたる吾言とわが法度とは汝らの父等に追及たるに非ずや然ゆゑに彼らかへりて言り萬軍のヱホバ我らの道に循ひ我らの行に循ひて我らに爲んと思ひたまひし事を我らに爲たまへりと
7 Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.
ダリヨスの二年十一月すなはちセバテといふ月の二十四日にヱホバの言イドの子ベレキヤの子なる預言者ゼカリヤに臨めり云く
8 Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.
我夜觀しに一箇の人赤馬に乗て谷の裏なる鳥拈樹の中に立ちその後に赤馬 駁馬 白馬をる
9 Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.”
我わが主よ是等は何ぞやと問ひけるに我と語ふ天の使われにむかひて是等の何なるをわれ汝に示さんと言り
10 Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.”
鳥拈樹の中に立る人答へて言けるは是等は地上を遍く歩かしめんとてヱホバの遣したまひし者なりと
11 Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.”
彼ら答へて鳥拈樹の中に立るヱホバの使に言けるは我ら地上を行めぐり觀しに全地は穏にして安し
12 Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?”
ヱホバの使こたへて言ふ萬軍のヱホバよ汝いつまでヱルサレムとユダの邑々を恤みたまはざるか汝はこれを怒りたまひてすでに七十年になりぬと
13 Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ.
ヱホバ我と語ふ天の使に嘉事慰事をもて答へたまへり
14 Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ,
かくて我と語ふ天の使我に言けるは汝呼はりて言へ萬軍のヱホバかく言はまふ我ヱルサレムのためシオンのために甚だしく心を熱して嫉妬おもひ
15 ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’
安居せる國々の民を太く怒る其は我すこしく怒りしに彼ら力を出して之に害を加へたればなり
16 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
ヱホバかく言ふ是故に我憐憫をもてヱルサレムに歸る萬軍のヱホバのたまふ我室その中に建てられ量繩ヱルサレムに張られん
17 “Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’”
汝また呼はりて言へ萬軍のヱホバかく宣ふ我邑々には再び嘉物あふれんヱホバふたたびシオンを慰め再びヱルサレムを簡びたまふべしと
18 Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume.
かくて我目を擧て觀しに四の角ありければ
19 Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”
我に語ふ天の使に是等は何なるやと問しに彼われに答へけるは是等はユダ、イスラエルおよびヱルサレムを散したる角なりと
20 Yehowa gaɖe gbede ene fiam.
時にヱホバ四箇の鍛冶を我に見し給へり
21 Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?” Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”
我是等は何を爲んとて來れるや問しに斯こたへ給へり是等の角はユダを散して人にその頭を擧しめざりし者なるが今この四箇の者來りて之を威しかのユダの地にむかひて角を擧て之を散せし諸國の角を擲たんとす

< Zekaria 1 >