< Zekaria 9 >

1 Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.
ヱホバの言詞の重負ハデラクの地に臨むダマスコはその止る所なりヱホバ世の人を眷みイスラエルの一切の支派を眷みたまへばなり
2 Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.
之に界するハマテも然りツロ、シドンも亦はなはだ怜悧ければ同じく然るべし
3 Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si le mɔdodo dzi ene.
ツロは自己のために城郭を構へ銀を塵のごとくに積み金を街衢の土のごとくに積めり
4 Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi, akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio.
視よ主これを攻取り海にて之が力を打ほろぼしたまふべし是は火にて焚うせん
5 Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.
アシケロンこれを見て懼れガザもこれを見て太く慄ふエクロンもその望む所の者辱しめらるるに因て亦然りガザには王絶えアシケロンには住者なきに至らん
6 Amedzrowo ava xɔ Asdod, eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa.
アシドドにはまた雑種の民すまん我ペリシテ人が誇る所の者を絶べし
7 Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me kple nuɖuɖu si wotsri na wo la le woƒe aɖutame. Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ, woazu kplɔlawo le Yuda, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
我これが口より血を取除き之が齒の間より憎むべき物を取除かん是も遺りて我儕の神に歸しユダの牧伯のごとくに成べしまたエクロンはヱブス人のごとくになるべし
8 Ke maʋli nye gbedoxɔ la ta tso adzohawo ƒe asi me. Ŋutasẽla magaɖu nye amewo dzi akpɔ gbeɖe o, elabena azɔ mele wo ŋu dzɔm.
我わが家のために陣を張て敵軍に當り之をして往來すること無らしめん虐遇者かさねて逼ること無るべし我いま我目をもて親ら見ればなり
9 Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.
シオンの女よ大に喜べヱルサレムの女よ呼はれ視よ汝の王汝に來る彼は正義して拯救を賜り柔和にして驢馬に乗る即ち牝驢馬の子なる駒に乗るなり
10 Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.
我エフライムより車を絶ちヱルサレムより馬を絶ん戰爭弓も絶るべし彼國々の民に平和を諭さん其政治は海より海に及び河より地の極におよぶべし
11 Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.
汝についてはまた汝の契約の血のために我かの水なき坑より汝の被俘人を放ち出さん
12 Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me, O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le. Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem na mi be magbugbɔ aɖo nu siwo miebu la teƒe na mi zi eve.
望を懷く被俘人よ汝等城に歸れ我今日もなほ告て言ふ我かならず倍して汝等に賚ふべし
13 Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.
我ユダを張て弓となしエフライムを矢となして之につがへんシオンよ我汝の人々を振起してギリシヤの人々を攻しめ汝をして大丈夫の劍のごとくならしむべし
14 Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me,
ヱホバこれが上に顯れてその箭を電光のごとくに射いだしたまはん主ヱホバ喇叭を吹ならし南の暴風に乗て出來まさん
15 eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi. Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii. Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene, wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene, eye wòaƒo wo bekee abe ale si wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene.
萬軍のヱホバ彼らを護りたまはん彼等は食ふことを爲し投石器の石を踏つけん彼等は飮ことを爲し酒に醉るごとくに聲を擧ん其これに盈さるることは血を盛る鉢のごとく祭壇の隅のごとくなるべし
16 Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene.
彼らの神ヱホバ當日に彼らを救ひその民を羊のごとくに救ひたまはん彼等は冠冕の玉のごとくになりて其地に輝くべし
17 Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.
その福祉は如何計ぞや其美麗は如何計ぞや穀物は童男を長ぜしめ新酒は童女を長ぜしむ

< Zekaria 9 >