< Zekaria 7 >

1 Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.
In the fourth year of the reign of King Darius, on the fourth day of Chislev, the ninth month, the message of the Lord came to Zechariah.
2 Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa
The city of Bethel had sent Sharezer and Regem-melech and their men, to entreat the favor of the Lord,
3 to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
and to ask the priests of the house of the Lord of hosts, and the prophets “Should I continue to mourn in the fifth month, separating myself, as I have done for many years?”
4 Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be,
Then this message of the Lord of hosts came to me:
5 “Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã?
Tell all the people of the land and the priests, “When you fasted and mourned in the fifth and in the seventh month, for these seventy years, did you really fast for me?
6 Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?
When you eat and when you drink, do you not eat for yourselves, and drink for yourselves?
7 Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’”
Wasn’t it this which the Lord proclaimed by the earlier prophets, when Jerusalem was inhabited and prosperous, and her towns surrounding her and the Negreb and the Shephelah were inhabited?”
8 Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,
The Lord gave this message to Zechariah:
9 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.
The Lord of hosts says, execute true judgments. Show kindness and mercy to each other.
10 Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
Do not oppress the widow or the orphan, the resident foreigner or the poor. Let none of you devise evil against another in your hearts.
11 “Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.
But they refused to listen, and turned a stubborn shoulder, and stopped their ears so they wouldn’t hear.
12 Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
They made their hearts as hard as stone so they wouldn’t accept the teaching and the words that the Lord of hosts had sent by his spirit through the earlier prophets. Great was the anger of the Lord of hosts:
13 “‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
I called and they would not hear, so they call and I do not hear, says the Lord of hosts.
14 ‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’”
I scattered them by a whirlwind out among nations unknown to them. The land was left desolate behind them, with no one crossing or returning, for they made the pleasant land a desolation.

< Zekaria 7 >