< Zekaria 6 >
1 Megafɔ kɔ dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene wogbɔna tso to eve dome; to siawo le abe akɔbliga ene.
And again I lifted up my eyes, and looked. And, behold, there came four chariots out from between two mountains, and the mountains were mountains of brass.
2 Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem.
In the first chariot were red horses, and in the second chariot black horses,
3 Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ.
and in the third chariot white horses, and in the fourth chariot strong grizzled horses.
4 Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”
Then I answered and said to the agent who talked with me, What are these, my lord?
5 Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe.
And the agent answered and said to me, These are the four winds of heaven, which go forth from standing before the Lord of all the earth.
6 Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”
The chariot in which are the black horses goes forth toward the north country, and the white went forth after them, and the grizzled went forth toward the south country.
7 Esi sɔ sesẽawo do go la, wodze agbagba be woatsa le anyigba blibo la dzi. Egblɔ be, “Miyi miatsa le anyigba la katã dzi.” Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi.
And the strong ones went forth, and sought to go that they might walk to and fro through the earth. And he said, Get you from here. Walk to and fro through the earth. So they walked to and fro through the earth.
8 Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.”
Then he cried to me, and spoke to me, saying, Behold, those who go toward the north country have quieted my spirit in the north country.
9 Yehowa ƒe gbe va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying,
10 “Xɔ klosalo kple sika le Heldai, Tobiya kple Yedaia, ame siwo gbɔ tso aboyome le Babilonia la si. Yi ɖe Zefania, Yosia ƒe vi hã ƒe aƒe me gbe ma gbe ke.
Take from those of the captivity, even of Heldai, of Tobijah, and of Jedaiah, and come thou the same day, and go into the house of Josiah the son of Zephaniah, where they have come from Babylon.
11 Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi.
Yea, take silver and gold, and make crowns, and set them upon the head of Joshua the son of Jehozadak, the high priest.
12 Gblɔ nɛ be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi. Esiae nye ŋutsu si ƒe ŋkɔe nye Atilɔ, adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ.
And speak to him, saying, Thus speaks Jehovah of hosts, saying, Behold, the man whose name is the Branch. And he shall grow up out of his place, and he shall build the temple of Jehovah,
13 Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka!
even he shall build the temple of Jehovah. And he shall bear the glory, and shall sit and rule upon his throne. And he shall be a priest upon his throne, and the counsel of peace shall be between them both.
14 Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
And the crowns shall be to Helem, and to Tobijah, and to Jedaiah, and to Hen the son of Zephaniah, for a memorial in the temple of Jehovah.
15 Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”
And those who are far off shall come and build in the temple of Jehovah. And ye shall know that Jehovah of hosts has sent me to you. And this shall come to pass, if ye will diligently obey the voice of Jehovah your God.