< Zekaria 5 >
1 Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame.
I looked again and saw a flying scroll.
2 Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.”
“What do you see?” asked the angel. “I see a flying scroll,” I replied. “It's thirty feet long and fifteen feet wide.”
3 Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgblɔm be woaɖe fiafitɔ ɖe sia ɖe ɖa, eye akpa evelia le gbɔgblɔm be, ame sia ame si kaa atam dzodzro la, woaɖee ɖa.
He told me, “This is the curse that is going out to all the world. Anyone who steals will be purged from society, according to one side of the scroll. Anyone who swears lies under oath will be purged from society, according to the other side of the scroll.”
4 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’”
“I have sent the curse out and it will go into the house of the thief and into the house of the one who swears lies in my name, declares the Lord Almighty. The curse will remain in that house, and will destroy it, both the timbers and the stones.”
5 Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la zɔ va gbɔnye, eye wògblɔ nam be, “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si le yame gbɔna.”
Then the angel I had been talking to came over to me and said, “Look. What do you see moving away?”
6 Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”
“What is it?” I asked. “What you see moving away is a barrel full of the sins of everyone in the country,” he replied.
7 Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me!
Then the lead lid was lifted from the barrel and there was a woman sitting inside.
8 Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu.
“She represents wickedness,” he said, and pushed her back inside, forcing the lead lid shut.
9 Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi.
I looked once more and saw two women flying towards me. Their wings looked like those of a stork. They picked up the barrel and flew away, high into the sky.
10 Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?”
“Where are they taking it?” I asked the angel I was talking to.
11 Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”
“They're taking it to the land of Babylon to build a house for it. When the house is ready, the barrel will be placed at its base.”