< Zekaria 4 >
1 Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene.
And the angel that talked with me came again, and waked me, as a man that is wakened out of his sleep.
2 Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me.
And said to me, What see you? And I said, I have looked, and behold a candlestick all of gold, with a bowl on the top of it, and his seven lamps thereon, and seven pipes to the seven lamps, which are on the top thereof:
3 Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.”
And two olive trees by it, one on the right side of the bowl, and the other on the left side thereof.
4 Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”
So I answered and spoke to the angel that talked with me, saying, What are these, my lord?
5 Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?” Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.”
Then the angel that talked with me answered and said to me, Know you not what these be? And I said, No, my lord.
6 Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Then he answered and spoke to me, saying, This is the word of the LORD to Zerubbabel, saying, Not by might, nor by power, but by my spirit, says the LORD of hosts.
7 “Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’”
Who are you, O great mountain? before Zerubbabel you shall become a plain: and he shall bring forth the headstone thereof with shoutings, crying, Grace, grace to it.
8 Tete Yehowa ƒe gbe va nam be,
Moreover the word of the LORD came to me, saying,
9 “Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
The hands of Zerubbabel have laid the foundation of this house; his hands shall also finish it; and you shall know that the LORD of hosts has sent me to you.
10 “Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”
For who has despised the day of small things? for they shall rejoice, and shall see the plummet in the hand of Zerubbabel with those seven; they are the eyes of the LORD, which run to and fro through the whole earth.
11 Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?”
Then answered I, and said to him, What are these two olive trees on the right side of the candlestick and on the left side thereof?
12 Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?”
And I answered again, and said to him, What be these two olive branches which through the two golden pipes empty the golden oil out of themselves?
13 Eɖo eŋu be, “Mènya nu si wonye oa?” Megblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ.”
And he answered me and said, Know you not what these be? And I said, No, my lord.
14 Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”
Then said he, These are the two anointed ones, that stand by the LORD of the whole earth.