< Zekaria 3 >

1 Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom.
天使又指给我看:大祭司约书亚站在耶和华的使者面前;撒但也站在约书亚的右边,与他作对。
2 Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
耶和华向撒但说:“撒但哪,耶和华责备你!就是拣选耶路撒冷的耶和华责备你!这不是从火中抽出来的一根柴吗?”
3 Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ.
约书亚穿着污秽的衣服站在使者面前。
4 Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.” Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”
使者吩咐站在面前的说:“你们要脱去他污秽的衣服”;又对约书亚说:“我使你脱离罪孽,要给你穿上华美的衣服。”
5 Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
我说:“要将洁净的冠冕戴在他头上。”他们就把洁净的冠冕戴在他头上,给他穿上华美的衣服,耶和华的使者在旁边站立。
6 Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua,
耶和华的使者告诫约书亚说:
7 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
“万军之耶和华如此说:你若遵行我的道,谨守我的命令,你就可以管理我的家,看守我的院宇;我也要使你在这些站立的人中间来往。
8 “‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ.
大祭司约书亚啊,你和坐在你面前的同伴都当听。(他们是作预兆的。)我必使我仆人大卫的苗裔发出。
9 Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
看哪,我在约书亚面前所立的石头,在一块石头上有七眼。万军之耶和华说:我要亲自雕刻这石头,并要在一日之间除掉这地的罪孽。
10 “‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
当那日,你们各人要请邻舍坐在葡萄树和无花果树下。这是万军之耶和华说的。”

< Zekaria 3 >