< Zekaria 2 >
1 Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi.
Et je levai les yeux, et je regardai, et voilà qu'un homme tenait en sa main un cordeau de mesureur.
2 Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”
Et je lui dit: Où vas-tu? Et il me dit: Je vais mesurer Jérusalem, et voir quelle est sa largeur et sa longueur.
3 Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee.
Et voilà que l'ange qui parlait avec moi s'arrêta, et un autre ange marchait à sa rencontre.
4 Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.
Et il lui parla, disant: Cours et parle à ce jeune homme, et dis-lui: Jérusalem regorgera d'une multitude d'hommes et d'un nombreux bétail en son enceinte.
5 Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.
Et Moi, dit le Seigneur, Je serai un rempart de feu autour d'elle; et Je résiderai au milieu d'elle en Ma gloire.
6 “‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.
Fuyez, fuyez de la terre de l'Aquilon, dit le Seigneur; car Je vous ramènerai des quatre vents du ciel, dit le Seigneur;
7 “Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!”
Je vous ramènerai dans Sion; sauvez-vous, vous qui habitez chez la fille de Babylone!
8 Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti.
Car voici ce que dit le Seigneur tout-puissant: Sur les pas de leur gloire, Il m'a envoyé contre les nations qui vous ont dépouillés; car celui qui touche à vous est comme celui qui touche à la prunelle de Son œil.
9 Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm.
Aussi voilà que Je porte la main sur eux, et ils seront la proie de ceux qu'ils ont asservis; et vous connaîtrez que je suis l'envoyé du Seigneur tout- puissant.
10 “O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe.
Réjouis-toi, tressaille d'allégresse, Sion, Ma fille; car voilà que J'arrive, et Je placerai Ma tente au milieu de toi, dit le Seigneur.
11 “Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
Et en ce jour nombre de nations se réfugieront auprès du Seigneur, et elles seront à Lui comme un peuple nouveau; et elles résideront au milieu de toi, et tu connaîtras que le Seigneur tout-puissant m'a envoyé près de toi.
12 Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.
Et le Seigneur aura Juda pour héritage; ce sera Sa part dans la terre sainte, et Jérusalem sera encore Son élue.
13 Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”
Que toute chair craigne en face du Seigneur; car Il S'est élancé de Ses nuées saintes.