< Zekaria 13 >

1 “Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.
In that day there will be a fountain open to the family of David and to the people of Jerusalem, for sin and for that which is unclean.
2 “Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi.
And it will come about on that day, says the Lord of armies, that I will have the names of the images cut off out of the land, and there will be no more memory of them: and I will send all the prophets and the unclean spirit away from the land.
3 Ne ame aɖe aganɔ nya gblɔm ɖi la, fofoa kple dadaa, ame siwo dzii la agblɔ nɛ be, ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ aʋatsonyawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Ke ne egblɔ nya ɖi la, edzilawo ŋutɔ atɔ hɛe wòaku.
And if anyone goes on acting as a prophet, then his father and his mother who gave him life will say to him, You may not go on living, for you are saying what is false in the name of the Lord; and his father and his mother will put a sword through him when he does so.
4 “Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o.
And it will come about in that day that the prophets will be shamed, every man on account of his vision, when he is talking as a prophet; and they will not put on a robe of hair for purposes of deceit:
5 Agblɔ be, ‘Menye nyagblɔɖilae menye o: agbledelae menye. Tso nye ɖekakpuime ke, mekpɔa nye nuɖuɖu tso anyigba me.’
But he will say, I am no prophet, but a worker on the land; for I have been an owner of land from the time when I was young.
6 Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’
And if anyone says to him, What are these wounds between your hands? then he will say, Those with which I was wounded in the house of my friends.
7 “O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu
Awake! O sword, against the keeper of my flock, and against him who is with me, says the Lord of armies: put to death the keeper of the sheep, and the sheep will go in flight: and my hand will be turned against the little ones.
8 le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.
And it will come about that in all the land, says the Lord, two parts of it will be cut off and come to an end; but the third will be still living there.
9 Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’”
And I will make the third part go through the fire, cleaning them as silver is made clean, and testing them as gold is tested: and they will make their prayer to me and I will give them an answer: I will say, It is my people; and they will say, The Lord is my God.

< Zekaria 13 >